Zacarías 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Tasiaɖam eneawo
1Megafɔ kɔ dzi, eye mekpɔ tasiaɖam ene wogbɔna tso to eve dome; to siawo le abe akɔbliga ene. 2Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem. 3Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia hem, eye sɔ ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia hem kple ŋusẽ. 4Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”
5Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe. 6Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.”
7Esi sɔ sesẽawo do go la, wodze agbagba be woatsa le anyigba blibo la dzi. Egblɔ be, “Miyi miatsa le anyigba la katã dzi.” Ale woyi ɖatsa le anyigba blibo la dzi.
8Mawudɔla la yɔm gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, esiwo yi anyiehenyigba dzi la, wotsi nye dɔmedzoe nu le anyiehenyigba la dzi.”
Fiakuku na Yosua
9Yehowa ƒe gbe va nam be, 10“Xɔ klosalo kple sika le Heldai, Tobiya kple Yedaia, ame siwo gbɔ tso aboyome le Babilonia la si. Yi ɖe Zefania, Yosia ƒe vi hã ƒe aƒe me gbe ma gbe ke. 11Tsɔ klosalo kple sika la nàwɔ fiakuku, eye nàtsɔe aɖɔ na nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi. 12Gblɔ nɛ be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi. Esiae nye ŋutsu si ƒe ŋkɔe nye Atilɔ, adze tso enɔƒe, eye wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ. 13Eyae nye ame si atu Yehowa ƒe gbedoxɔ, woaɖo fianyenye ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, ekema fianyenye kple nunɔlanyenye awɔ ɖeka! 14Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 15Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”
¿Sabías que…?
Los Cuatro Carros y la Coronación del Renuevo
- El capítulo comienza con la visión de cuatro carros tirados por caballos de distintos colores que salen de entre dos montes de bronce. El ángel explica que representan los cuatro espíritus o vientos del cielo que parten de la presencia del Señor para patrullar la tierra.Fuentes: el propio texto bíblico
- Zacarías recibe la orden de tomar plata y oro traídos por exiliados que regresaron de Babilonia y elaborar una corona para el sumo sacerdote Josué, hijo de Josadac. Esta acción profética señalaba a un personaje llamado el Renuevo, quien edificaría el templo y uniría las funciones de rey y sacerdote.Fuentes: el propio texto bíblico · Joshua · Josedech · Babylon
- Tras la coronación simbólica, la corona debía permanecer depositada en el templo del Señor como un memorial en recuerdo de los hombres que aportaron el metal precioso.Fuentes: el propio texto bíblico · Helem · Tobijah · Jedaiah
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 10
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org