Romanos 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Agbenɔnɔ le Gbɔgbɔ la me
1Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o, 2elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me. 3Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me, 4be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me.
5Ame siwo zɔna le ŋutilã nu la ƒe susuwo nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋuti; gake ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ la nu la ƒe susuwo nɔa Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo ŋu. 6Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa. 7Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o. 8Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o.
9Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o. 10Ke ne Kristo le mia me la, miaƒe ŋutilã ku le nu vɔ̃ ta, gake Gbɔgbɔ la nye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti. 11Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi.
12Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míenyi fe, gake menye ŋutilã si míenyi fe le, be míanɔ agbe le ŋutilã nu o. 13Elabena ne miegale agbe le ŋutilã nu la, miaku; gake ne mietsɔ Gbɔgbɔ la ɖu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo dzi la, mianɔ agbe.
14Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo. 15Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “ Abba, Fofo.” 16Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye. 17Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me.
Ŋutikɔkɔe si míava xɔ le fukpekpe megbe
18Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o. 19Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam. 20Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ, 21be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.
22Elabena míenya be nuwɔwɔ blibo la katã le veve sem abe fuɖuame ene va se ɖe fifi. 23Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam. 24Elabena woɖe mí to mɔkpɔkpɔ sia me. Gake mɔkpɔkpɔ si kpɔa nu kple ŋku la menye mɔkpɔkpɔ wònye o. Ame kae kpɔa mɔ na nu si su esi xoxo mahã? 25Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me.
26Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me. 27Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
28Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu. 29Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome. 30Eye ame siwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ame siwo wòyɔ la, woawo wòtso afia na, eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋuti wòkɔ.
Míewu dziɖulawo
31Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? 32Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa? 33Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola. 34Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.
35Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia? 36Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
“Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me;
wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.”
37Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me. 38Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, 39eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.
¿Sabías que…?
Ninguna condenación y el Espíritu de vida
- Romanos 8 comienza diciendo que ahora no hay condenación para los que están en Cristo Jesús. El texto contrapone la ley del Espíritu de vida, que los libera, a la ley del pecado y de la muerte. Lo que la ley no pudo hacer, porque estaba debilitada por la carne, el capítulo afirma que Dios lo hizo al enviar a su propio Hijo en semejanza de hombre pecador, como ofrenda por el pecado.Fuentes: el propio texto bíblico
- El capítulo dice que todos los que son guiados por el Espíritu de Dios son hijos de Dios. No recibieron un espíritu de esclavitud que los devuelva al miedo, sino el Espíritu de filiación, por el que claman: "¡Abba, Padre!" El Espíritu mismo da testimonio junto con el espíritu de ellos de que son hijos de Dios y, por tanto, herederos de Dios y coherederos con Cristo, si de hecho sufren con él para ser también glorificados con él.Fuentes: el propio texto bíblico
- El capítulo une tres clases de gemido. Toda la creación gime junta con dolores de parto, mientras los que tienen las primicias del Espíritu gimen interiormente, a la espera de la adopción como hijos, la redención del cuerpo. Del mismo modo, el Espíritu los ayuda en su debilidad: no saben cómo deben orar, pero el Espíritu intercede por ellos con gemidos demasiado hondos para expresarse con palabras.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org