Nations Bible

Romanos 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Migadrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo o

1Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o. 2Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe. 3Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo. 4Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la.

5Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui. 6Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam. 7Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo, be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia ene o. 8Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye. 9Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me.

10Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. Ɖo ŋku edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. 11Elabena woŋlɔe ɖi be,

“Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la,

ame sia ame adze klo nam,

eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ”

12Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu.

13Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o.

14Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o. 15Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o. 16Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã. 17Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí. 18Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ. 19Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo.

20Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui, eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu. 21Nu nyuitɔ si nàwɔ lae nye be nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu. 22Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o. 23Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃, elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la nye nu vɔ̃.

¿Sabías que…?

La comida, los días y no juzgarse unos a otros

  • Este capítulo vincula la fe débil con decisiones concretas: una persona tiene fe para comer de todo, mientras otra, que es débil, come solo verduras, y una persona considera cierto día por encima de los demás, mientras otra estima iguales todos los días. Quien come de todo no debe menospreciar a quien no come, y quien no come no debe juzgar a quien come, porque Dios lo ha aceptado.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Ya sea que alguien coma o se abstenga, u observe un día especial, el capítulo dice que cada uno lo hace para el Señor y da gracias a Dios. Nadie vive ni muere solo para sí: si vivimos, vivimos para el Señor, y si morimos, morimos para el Señor, pues Cristo murió y volvió a la vida para ser Señor tanto de los muertos como de los vivos.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El capítulo afirma una convicción personal de que nada es impuro en sí mismo, pero que si alguien considera algo impuro, entonces para esa persona lo es. Es mejor no comer carne ni beber vino que hacer tropezar al hermano, porque el reino de Dios no es cuestión de comer y beber, sino de justicia, paz y alegría en el Espíritu Santo.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.