Nations Bible

Romanos 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Israel ƒe ame susɔewo

1Azɔ mele biabiam be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo mahã? Gbeɖe! Nye ŋutɔ hã Israeltɔ menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye tso Benyamin ƒomea me.

2Mawu megbe eƒe ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la o. Mienya nya si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom la oa? 3Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.”

4Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!”

5Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋɛ aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. 6Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe dɔwɔwɔ tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la, meganye nunana o.

7Eya ta alea nya la lee nye esi: Israeltɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋɛ siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame susɔewo ƒe ŋkuwo gbã. 8Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be,

“Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo,

womia woƒe ŋkuwo,

eye woƒe towo me xe,

Aleae wòle va se ɖe egbe.”

9David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be,

“Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo nazu mɔ aɖe wo

alo woanye nuɖiaɖia kpakple teƒeɖoɖo na wo.

10Mina woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ, ale be womagate ŋu akpɔ nu o,

eye agba kpekpe nabi dzime na wo gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.”

Woagaɖo Yudatɔwo te abe tsã ene

11Megale biabiam be: Ɖe Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Gbeɖe! Eƒe taɖodzinue nye be yeana ɖeɖekpɔkpɔ nasu ame siwo menye Yudatɔwo o la hã si, bena Yudatɔwo naʋã ŋu wo. 12Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.

13Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi be etsɔ dɔ vevie sia de asi nam 14ale be ne mate ŋui la, mana nye ŋutɔ nye amewo adi nu si le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la si, eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo. 15Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexea me ƒe akpa bubuawo ŋu be woakpɔ ɖeɖe abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene. 16Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, nenema ke wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã nɔa kɔkɔe.

17Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, mienye alɔwo le amiti aɖe si nɔ gbe me la ŋuti; ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo la, eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ.

18Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o.

19Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.”

20Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ. 21Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o. 22Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔ me, eye wògahea to na ame hãe. Eƒe asi sẽna ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dɔ me ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔ se dzi. Ke ne míelɔ̃e o, eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa. 23Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu, eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agate ŋu axɔ wo, ado ɖe ati la dzi.

24Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, ame siwo nye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã, eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa?

Israel katã akpɔ ɖeɖe

25Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ. 26Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe.

Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia?

“Xɔla aɖe ava tso Zion,

eye wòatrɔ Yakob katã ɖa tso mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.

27Ɣe ma ɣi me la,

maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe nye nubabla kpli wo ene.”

28Azɔ la, Yudatɔ geɖewo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia ɖe vi na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la ta. 29Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. 30Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe. 31Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me. 32Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta, ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe.

Ŋutikɔkɔe woana Mawu

33O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si.

Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo!

Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo

kple ɖoɖowo me akpɔ o!

34“Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe susu?

Ame kae nya nu egbegbe be wòate ŋu azu eƒe adaŋudela alo mɔfiala?”

35“Ame kae tre nunana Mawu,

be wòagaɖo eteƒe nɛ mahã?”

36Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona.

Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta,

eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe.

Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Dios no ha rechazado a Israel

  • El autor responde a su propia pregunta llamándose israelita, descendiente de Abraham, de la tribu de Benjamín. Abraham, hijo de Taré, es llamado padre de una multitud y heredero de las promesas. Benjamín fue el hijo menor de Jacob con Raquel, y en el Éxodo su tribu era la segunda más pequeña.Fuentes: el propio texto bíblico · Abraham · Benjamin (patriarch)
  • El autor cita lo que la Escritura dice acerca de Elías: él apeló a Dios contra Israel, y la respuesta divina fue que siete mil hombres no habían doblado la rodilla ante Baal. Elías, el tisbita, entregó un mensaje del Señor a Acab. Baal, el principal dios masculino de los fenicios, era la religión de las diez tribus en tiempos de Acab, y el autor dice que, del mismo modo, un remanente es ahora escogido por gracia.Fuentes: el propio texto bíblico · Elijah · Baal
  • El capítulo cita una promesa de que el Libertador vendrá de Sion y quitará la impiedad de Jacob. Sion era el monte sudoriental de Jerusalén; cuando David la tomó de los jebuseos, construyó allí una ciudadela y un palacio, y llegó a ser la ciudad de David. Jacob también es llamado Israel, y el capítulo dice que, en cuanto al evangelio, ellos son enemigos por causa de los gentiles, pero, en cuanto a la elección, son amados por causa de los patriarcas.Fuentes: el propio texto bíblico · Zion · Jacob (Israel)

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 26

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.