Apocalipsis 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Dziƒofiazikpui la
1Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.” 2Tete menɔ Gbɔgbɔ la me, eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume, eye ame aɖe nɔ edzi. 3Ame si nɔ fiazikpuia dzi la ƒe dzedzeme le abe kpe xɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpe xɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la. 4Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo. 5Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo. 6Nane si le abe atsiaƒu ene, esi me kɔ abe kristalokpe ene la hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma.
Nu gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la, eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa. 7Nu gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ, eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe aʋalawo abe dzodzom wòle ene. 8Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be,
“ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe,
nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’
ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”
9Ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la, 10ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,
11“Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu,
wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ,
elabena wòe wɔ nuwo katã;
wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe,
eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”
¿Sabías que…?
El trono y la adoración
- El capítulo comienza cuando el narrador mira y ve una puerta abierta en el cielo. La voz que ya había oído, parecida a una trompeta, lo llama a subir para que le muestren lo que debe suceder después; al instante está en el Espíritu y ve un trono, con alguien sentado que parece jaspe y cornalina, rodeado por un arcoíris que resplandece como esmeralda.Fuentes: el propio texto bíblico
- El propio texto explica una de las imágenes: las siete antorchas de fuego que arden delante del trono son los siete Espíritus de Dios. Del trono salen relámpagos, estruendos y truenos, y delante de él hay algo como un mar de vidrio, transparente como el cristal.Fuentes: el propio texto bíblico
- Cuatro seres vivientes rodean el trono, semejantes a un león, a un becerro, a un rostro humano y a un águila en vuelo. Cada uno tiene seis alas y está cubierto de ojos, y de día y de noche no dejan de proclamar santo al Señor Dios Todopoderoso. Cada vez que ellos dan gloria, veinticuatro ancianos vestidos de blanco, con coronas de oro, se postran, echan sus coronas delante del trono y declaran digno al que está sentado, porque creó todas las cosas y por su voluntad existen.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org