Nations Bible

Apocalipsis 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Agbetɔsisi la

1Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene; ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ 2heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo. 3Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me, eye eƒe dɔlawo asubɔe. 4Woakpɔ eƒe ŋkume, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu. 5Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.

Yohanes kple mawudɔla la

6Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo la, eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la dɔ eƒe dɔla be wòafia nu siwo ava dzɔ kpuie la eƒe dɔlawo.”

7“Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me ɖe asi.”

8Nye, Yohanes, nyee nye ame si se nu siawo katã, eye mekpɔ wo. Eye esi mese, hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔ nu be masubɔe. 9Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la ŋu; subɔ Mawu ko!”

10Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la nu o, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe. 11Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi, eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye dzi.”

12“Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu. 13Nyee nye Alfa kple Omega, Gbãtɔ kple Mamlɛtɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu.

14“Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me. 15Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.

16“Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye Ŋukeɣletivi Keklẽ la.”

17Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame si le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva; eye ame sia ame si lɔ̃ ko la, nexɔ agbetsi la no faa.

18Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽ la me la nava edzi, 19eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o.

20Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, “Ɛ̃, megbɔna kpuie.”

Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.

21Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ anyi kple Mawu ƒe amewo. Amen.

¿Sabías que…?

La ciudad de la vida y el Señor que viene

  • El ángel muestra un río del agua de la vida, claro como el cristal, que fluye del trono de Dios y del Cordero por en medio de la calle principal de la ciudad, con el árbol de la vida a cada lado, que da doce clases de fruto, una cosecha nueva cada mes, y hojas para la sanidad de las naciones. El capítulo también dice que ya no habrá maldición ni noche, pues el Señor Dios brillará sobre sus siervos, y ellos reinarán por siempre jamás.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Jesús se presenta como la Raíz y el Descendiente de David y como la brillante Estrella de la Mañana. La entrada sobre David lo presenta como Amado, el octavo y más joven hijo de Isaí, ciudadano de Belén, cuyo primer trabajo fue cuidar las ovejas de su padre en las tierras altas de Judá.Fuentes: el propio texto bíblico · David
  • Quien habla dice: “Yo soy Juan, el que oyó y vio estas cosas”, y cuenta cómo se postró para adorar a los pies del ángel que se las había mostrado. El ángel rehusó, llamándose consiervo de Juan y de sus hermanos los profetas, y de los que guardan las palabras de este libro, y dijo: “¡Adora a Dios!”Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.