Nations Bible

Números 30

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Adzɔgbeɖeɖewo

1Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi. 2Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi.

3“Ne nyɔnu aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo yemawɔ nane o, 4eye fofoa nya nu tso ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la kple tohehe siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe la ŋuti ŋu, gake megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be ɖetugbi la nawɔ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. 5Ke ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o, alo wòbu be tohehe si dzi wòlɔ̃ ɖo sesẽ akpa la, ekema ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la megablae o. Ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema ele nɛ be wòaɖe gbeƒã nenema le gbe si gbe wònya nu le adzɔgbeɖeɖe la ŋu; ekema Yehowa atsɔe ake ɖetugbi la, elabena fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.

6“Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo do ŋugbe dzodzro aɖe hafi va ɖe srɔ̃ la, 7ne srɔ̃ŋutsu la se nya la, eye megblɔ nya aɖeke tso eŋu le gbe si gbe wòse nu tso eŋuti dzi o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. 8Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee.

9“Ke ne nyɔnu la zu ahosi alo eya kple srɔ̃a dome klã la, ekema ele nɛ be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko.

10“Ne srɔ̃nyɔnu aɖe le srɔ̃a ƒe aƒe me, eye wòɖe adzɔgbe, 11ne srɔ̃ŋutsu la se nu tso srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖe la ŋu, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. 12Ke ne ŋutsu la gblɔ le ŋkeke gbãtɔ si wòse nu tso adzɔgbeɖeɖe la ŋu be yemelɔ̃ ɖe edzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. 13Ale srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ adzɔgbeɖeɖe la nabla srɔ̃a loo alo agbe, eye adzɔgbeɖeɖe la mabla srɔ̃a o. 14Ke ne ŋutsu la megblɔ nya aɖeke o, eye ŋkeke ɖeka va yi la, ekema elɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi. 15Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.”

16Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose tso ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ kple ale si fofo kple vinyɔnu dome nanɔ la ŋu.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Leyes Sobre Votos y Promesas

  • Moisés entregó estas normas específicamente a los jefes de las tribus de Israel. Conforme a estos estatutos, un hombre adulto quedaba incondicionalmente obligado a cumplir cualquier voto, juramento o promesa hecho al Señor sin faltar a su palabra.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El padre o el esposo tenía la facultad de confirmar o anular el voto realizado por una hija joven en su casa o por su esposa. Si el jefe del hogar no expresaba objeción el día en que se enteraba, la promesa quedaba en pie; si la anulaba de inmediato, ella quedaba absuelta.Fuentes: el propio texto bíblico
  • La ley trataba a las viudas y a las mujeres divorciadas de manera diferente a las dependientes en el hogar de un padre o esposo. Cualquier voto o compromiso asumido por una viuda o mujer divorciada era vinculante por completo, sin que una autoridad masculina pudiera anularlo.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.