Números 27
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Zelofehad ƒe vinyɔnuwo
1Zelofehad, Hefer ƒe vi, Gilead ƒe vi, Makir ƒe vi, Manase ƒe vi, tso Manase, ame si nye Yosef ƒe vi la ƒe ƒome me. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. 2Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be, 3“Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o. 4Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.”
5Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume, 6eye Yehowa gblɔ nɛ be, 7“Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo.
8“Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me. 9Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me. 10Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ. 11Ke ne fofoa nɔviŋutsu aɖeke meli o la, woatsɔe ana eƒe ƒometɔ tututu aɖe. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’ ”
Wotia Yosua be wòaxɔ ɖe Mose teƒe
12Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi Abarim to dzi, eye nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa to tɔsisi la dzi. 13Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene, 14elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.)
15Mose gblɔ na Yehowa be, 16“O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo, 17ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.”
18Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la, 19yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume. 20Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe. 21Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.”
22Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la, 23Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.

¿Sabías que…?
Herencia y la sucesión del liderazgo
- Cuando las cinco hijas de Zelofejad —Mala, Noa, Hogla, Milca y Tirsa— solicitaron tierras debido a que su padre murió sin dejar hijos varones, se estableció un nuevo estatuto legal que permitía a las hijas heredar la porción familiar.Fuentes: Zelophehad · el propio texto bíblico
- Moisés recibió la instrucción de contemplar la tierra prometida desde los montes de Abarim antes de morir, desenlace anunciado debido a lo ocurrido en las aguas de Meriba, en Cades, en el desierto de Zin.Fuentes: Abarim · Meribah (of Kadesh) · Kadesh · el propio texto bíblico
- Para asegurar que la comunidad no quedara como ovejas sin pastor, Moisés impuso públicamente sus manos sobre Josué ante el sacerdote Eleazar y toda la congregación, comisionándolo formalmente como su sucesor.Fuentes: Joshua · Eleazar · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Abarim · 31.754, 35.715 · versículo 12
- Meribah · Hoy: Ain el Qudeirat · 30.648, 34.422 · versículo 14
- Zin · Hoy: Zin Desert · 30.971, 35.325 · versículo 14
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org