Nations Bible

Números 23

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Balaam ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ

1Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.”

2Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.

3Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi.

4Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.” 5Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak.

6Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ. 7Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye:

“Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi,

tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be.

‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam.

Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’

8Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la,

aleke nye ya maƒo fi ade woe?

Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la,

aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe?

9Mele wo kpɔm tso agakpe tame.

Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi,

wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe.

Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o.

10Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi,

alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia?

Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku,

eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!”

11Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!”

12Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?”

Balaam ƒe nyagblɔɖi evelia

13Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!”

14Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.

15Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.”

16Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.”

17Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le.

Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?”

18Balaam ɖo eŋu be,

“Balak, Tsi tsitre eye nàsee:

Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi.

19Mawu menye amegbetɔ,

aka aʋatso o.

Metrɔa eƒe tameɖoɖo.

Abe amegbetɔwo ene o.

Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ

gbe edziwɔwɔa?

20Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam

be mayra Israelviwo.

Mawu ŋutɔ yra wo xoxo,

nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o!

21“Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o:

mawɔ funyafunya Israel o!

Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo.

Eye dzidzɔɣli le wo nu,

eyae nye woƒe fia!

22Mawu kplɔ wo tso Egipte;

Israel sẽ abe to ene.

Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o,

23dzoka maɖi Yakob ŋu o.

Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la,

maɖi wo ŋu akpɔ o,

elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be,

‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!

24Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene;

womamlɔ anyi o.

Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé.

Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ”

25Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!”

26Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?”

Balaam ƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia

27Balak gagblɔ na Balaam le eƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia ŋu be, “Makplɔ wò agayi teƒe bubu aɖee. Ɖewohĩ adze Mawu ŋu be wòana nàƒo fi ade wo tso afi ma azɔ.” 28Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame.

29Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe. 30Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.

¿Sabías que…?

Los Oráculos de Bendición de Balaam

  • En su primer oráculo, Balaam menciona que Balac lo trajo de Aram, de las montañas del oriente. Según la tradición bíblica, Balaam provenía de Mesopotamia y gozaba de gran reputación por pronunciar bendiciones y maldiciones.Fuentes: el propio texto bíblico · Balaam · Aram
  • En busca de un resultado favorable, el rey Balac condujo a Balaam a diversos puntos elevados de Moab, como el campo de Zofim en la cumbre de Pisga y la cima de Peor, con la esperanza de que otra perspectiva permitiera maldecir a Israel.Fuentes: el propio texto bíblico · Zophim · Pisgah · Peor
  • En cada sitio, Balaam indicó a Balac que levantara siete altares y sacrificara siete novillos y siete carneros —un novillo y un carnero en cada altar— antes de apartarse para recibir un mensaje del Señor.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículos 6, 7, 17
  • Aram · 33.511, 36.306 · versículo 7
  • East · Hoy: region around Amman · 31.955, 35.934 · versículo 7
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 22
  • Jeshimon · 31.470, 35.223 · versículo 28
  • Peor · Hoy: within 1 km of Khirbet Ayun Musa · 31.777, 35.738 · versículo 28

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.