Números 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
To vovovoawo ƒe asaɖawo me nɔnɔ
1Yehowa gade se bubuwo na Mose kple Aron be, 2“Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.”
3Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome.
Yuda ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, 4ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600).
5Isaka ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaka ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, 6ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400).
7Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu, 8ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400). 9Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene (186,400). Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu.
10Ruben ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le dziehe gome.
Ruben ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elizur, Sedeur ƒe vi, 11ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500).
12Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, 13ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300).
14Eye Gad ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, 15ame siwo ƒe aʋawɔlawo le akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃ (45,650). 16Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃ (151,450). Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi.
17Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
18Efraim ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣetoɖoƒe gome.
Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, 19ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene alafa atɔ̃ (40,500).
20Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, 21ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200).
22Eye Benyamin ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, 23ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, alafa ene (35,400). 24Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka (108,100). Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho.
25Dan ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le anyiehe lɔƒo.
Dan ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, 26ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade-vɔ-eve, alafa adre (62,700).
27Aser ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Dan ƒe viwo xa. Aser ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, 28ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500).
29Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu, 30ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400). 31Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade (157,600). Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu.
32Esiawoe nye ame siwo wotia, xlẽ le Israelviwo dome le woƒe aƒewo nu. Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa vovovoawo me la ƒe ƒuƒoƒo le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550). 33Ke wometia Levi ƒe viwo xlẽ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu o, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
34Eye Israelviwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Ale si woƒu asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, ame sia ame kple eƒe ƒome le woƒe aƒewo nu.

¿Sabías que…?
La Organización del Campamento
- Se ordenó a los israelitas acampar alrededor de la Tienda de Reunión orientados hacia los cuatro puntos cardinales, manteniendo el santuario y a los levitas en el centro del campamento.Fuentes: el propio texto bíblico
- Las doce tribus fueron organizadas en cuatro grupos de tres, cada uno bajo el estandarte de una tribu principal: Judá acampaba al este y marchaba primero, seguido por Rubén al sur, Efraín al oeste y Dan en la retaguardia al norte.Fuentes: el propio texto bíblico · Dan · Issachar
- Naasón, hijo de Aminadab, fue designado líder de Judá, que constituía la división más numerosa con 186.400 hombres; su hermana Eliseba estaba casada con Aarón.Fuentes: el propio texto bíblico · Nahshon · Aaron · Amminadab
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org