Números 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Korah, Datan kple Abiram
1Gbe ɖeka la, Korah, Izhar ƒe viŋutsu kple Kohat ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si nye Levi ƒe dzidzimevi la wɔ ɖoɖo kple Datan kple Abiram, ame siwo nye Eliab ƒe viŋutsuwo kple On, Pelet ƒe viŋutsu. Ame etɔ̃ siawo katã tso Ruben ƒe to la me. 2Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo. 3Woyi Mose kple Aron gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Miaƒe asitɔakɔnyawo va ti kɔ na mí azɔ. Mienyo wu ame bubu aɖeke o. Israelvi ɖe sia ɖe nye Yehowa ƒe ame tiatia, eye wòli kpli mí katã. Mɔ ka miekpɔ be miado mia ɖokuiwo ɖe dzi, agblɔ be ele be míaɖo to mi, eye mianɔ wɔwɔm abe ɖe mielolo wu Yehowa ƒe ame siawo dometɔ aɖe ene?”
4Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi. 5Egblɔ na Korah kple ame siwo le eŋu la be, “Le ŋdi la, Yehowa afia ame siwo nye etɔwo, ame si le kɔkɔe kple ame si wòtia abe nunɔla ene la mi. 6Ele be wò, Korah kple yowòmedzelawo katã miawɔ ale: Mitsɔ dzudzɔdosonuwo, 7eye etsɔ la, miade dzo kple lifi wo me le Yehowa ŋkume. Ame si Yehowa atia lae anye ame si le kɔkɔe. Mi Levi ƒe viwo, mia tɔ gbɔ eme.”
8Mose gblɔ na Korah be, “Azɔ, mi Levi ƒe viwo, miɖo to. 9Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa? 10Ɖe ale si wòtsɔ dɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo hã mahã? 11Yehowa ŋue mi kple mia yomedzelawo katã miebla ɖo. Ame kae nye Aron be mialĩ liʋĩliʋĩ le eŋu?”
12Mose ɖo du ɖe Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo, ke wogblɔ be, “Míegbɔna o!” 13Ɖeko wogblɔ be, “Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ mí dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu mí le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi gɔ̃ hã be yeaɖu fia ɖe mía dzia? 14Gawu la, mèkplɔ mí yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na mí la hã dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo mí o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!”
15Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.”
16Mose gblɔ na Korah be, “Miva afi sia etsɔ, wò kple yowòmedzelawo katã, eye miado ɖe Yehowa ŋkume; Aron hã anɔ afi sia. 17Ame sia ame natsɔ dzudzɔdosonu ɖe asi, akɔ dzudzɔdonu ɖe wo me. Wo katã ƒe xexlẽme nanye alafa eve blaatɔ̃ (250), eye miatsɔ wo va Yehowa ŋkume. Wò kple Aron hã, miatsɔ miaƒe dzudzɔdosunuwo ɖe asi vɛ.” 18Ale wotsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo vɛ, ɖe dzo ɖe wo me, kɔ dzudzɔdonuwo ɖe wo me, eye wova tsi tsitre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu kple Mose kple Aron. 19Esi Korah ƒo eyomedzelawo katã nu ƒu ɖe Agbadɔ la ƒe ŋkume be woatsi tsitre ɖe wo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la. 20Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 21“Miɖe mia ɖokuiwo ɖa le ame siawo dome ale be matsrɔ̃ wo enumake.”
22Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?”
23Tete Yehowa gblɔ na Mose be, 24“Gblɔ na ƒuƒoƒe la be, ‘Mite ɖa tso Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.’ ”
25Ale Mose ɖe abla yi Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ, eye Israel ƒe dumemetsitsiwo kplɔe ɖo. 26Mose xlɔ̃ nu ameha la be, “Miɖe abla miadzo le ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔwo gbɔ; migaka asi woƒe naneke ŋu o, ne menye nenema o la, abala míawo hã, eye Yehowa atsrɔ̃ miawo hã ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.” 27Ale ameawo katã te ɖa le Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ. Datan kple Abiram do go tso woƒe agbadɔwo me, eye wotsi tsitre ɖe woƒe agbadɔwo ƒe mɔnu kple wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vi suewo.
28Eye Mose gblɔ be, “To nu sia me la, mianya be Yehowae dɔm ɖa be mawɔ nu siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye susu o. 29Ne ŋutsu siawo aku dzɔdzɔmeku alo nu si dzɔna ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe dzi koe dzɔ ɖe wo dzi la, ekema menye Yehowae dɔm o. 30Gake nenye be Yehowa ana nu yeye aɖe kura nadzɔ, anyigba nake nu ami wo kple nu sia nu si nye wo tɔ, eye woayi tsiẽƒe agbagbee la, ekema mianya be ŋutsu siawo wɔ nu tovo ɖe Yehowa ŋu.”
31Esi Mose wu nya siawo nu teti ko la, anyigba la wo le wo te zi ɖeka, 32eye anyigba la mi wo kple woƒe aƒemenuwo katã, eye nenema kee nye Korah yomedzelawo katã kple woƒe nunɔamesiwo katã hã. 33Ale woyi tsiẽƒe agbagbe kple woƒe nunɔamesiwo katã, eye anyigba tu ɖe wo nu, hetsrɔ̃ wo, eye wodo ɖa le ameha la dome. 34Esi ame siwo yi tsiẽƒe la nɔ ɣli dom la, Israelvi siwo katã ƒo xlã wo la de asi sisi me henɔ ɣli dom be, “Anyigba le míawo hã mi ge.”
35Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom.
36Yehowa gblɔ na Mose be, 37“Gblɔ na Eleazar, Aron, nunɔla la ƒe viŋutsu be wòaɖe dzudzɔdonu mawo le dzo la me, eye wòakaka akawo ɖe teƒe didi aɖe, elabena dzoɖesonuawo le kɔkɔe 38tso ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu dɔ le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo.”
39Ale nunɔla Eleazar tsɔ akɔblidzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ la tu ga ɖeka hena vɔsamlekpui la dzi tsyɔtsyɔ 40be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi.
41Esi ŋu ke ŋdi la, Israelviwo katã gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mose kple Aron ŋu, henɔ gbɔgblɔm be, “Miewu Yehowa ƒe amewo.”
42Ale ameha gã aɖe ƒo ƒu; kasia woakpɔ agbadɔ la gbɔ ɖa la, wokpɔ lilikpo la kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la. 43Mose kple Aron yi agbadɔ la ŋgɔ, 44eye Yehowa gblɔ na Mose be. 45“Mite ɖa le ame siawo gbɔ, ale be mate ŋu atsrɔ̃ wo enumake.” Ke Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.
46Mose gblɔ na Aron be, “Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to gɔ̃ hã xoxo.” 47Aron wɔ nu si Mose ɖo nɛ. Eƒu du yi ameawo dome, elabena dɔvɔ̃ la to xoxo. Etɔ dzo dzudzɔdonu la, eye wòlé avu ɖe wo nu. 48Etsi tsitre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome, eye dɔvɔ̃ la nu tso, 49ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu. 50Aron trɔ va Mose gbɔ le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale dɔvɔ̃ la nu tso.

¿Sabías que…?
La Rebelión de Coré y la Intercesión de Aarón
- La rebelión contra Moisés y Aarón unió a dos facciones distintas: Coré, un levita que reclamaba el sacerdocio reservado al linaje de Aarón, y líderes rubenitas como Datán y Abiram, que rechazaban el liderazgo civil y la autoridad de Moisés durante la travesía.Fuentes: Korah (Levite) · Dathan · el propio texto bíblico
- Después de que los doscientos cincuenta líderes rebeldes que ofrecían incienso fueron consumidos por fuego, Eleazar, hijo de Aarón, recogió sus incensarios de bronce. Estos incensarios fueron forjados en planchas para recubrir el altar como un recordatorio visible de que solo los descendientes de Aarón debían quemar incienso ante el Señor.Fuentes: Eleazar · el propio texto bíblico
- Cuando una plaga mortal azotó a la congregación tras la crisis, Aarón corrió al medio del campamento con un incensario lleno de brasas e incienso. Al hacer expiación y ponerse de pie entre los vivos y los muertos, detuvo la plaga.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 13
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org