Nations Bible

Números 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Ŋkutsatsa le Kanaan

1Yehowa gblɔ na Mose azɔ be, 2“Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.”

3Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa:

4Woƒe ŋkɔwoe nye:

Samua, Zakur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me;

5Safat, Hori ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me;

6Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me;

7Igal, Yosef ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me;

8Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me;

9Palti, Rafu ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me;

10Gadiel, Sodi ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me;

11Gadi, Susi ƒe viŋutsu, tso (Yosef ƒomea me) le Manase ƒe to la me.

12Amiel, Gemali ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me;

13Setur, Mikael ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me;

14Nahbi, Vofsi ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me;

15kple Geuel, Maki ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me.

16Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”

17Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi, 18ne miakpɔ ale si anyigba la le. Mikpɔ ale si ame siwo le anyigba la dzi hã le, ne wonye ame sesẽwo alo ame benɔewo, ne wosɔ gbɔ alo womesɔ gbɔ o. 19Milé ŋku ɖe nuwo ŋu, miakpɔ ne anyigba la nyo na agblemenukuwo loo alo menyo na wo o, ne woƒe duwo lolo loo alo wole sue, ne wotu mɔ sesẽwo ɖe wo ŋu, 20ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.)

21Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ. 22Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.) 23Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi. 24Israelviwo na ŋkɔ Balime sia be, Eskɔl, si gɔmee nye “Kpo ɖeka” le waintsetse si wokpɔ le afi ma ƒe kpo ɖeka ƒe lolo ta! 25Le ŋkeke blaene megbe la, wotrɔ gbɔ.

Ŋkutsalawo ƒe nutsotsonana

26Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo. 27Wona nutsotso Mose ale, “Míede anyigba si dzi mieɖo mí ɖo be míatsa ŋku le la dzi. Enye anyigba nyui aɖe ŋutɔ, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le. Míetsɔ kutsetse siawo vɛ be woaɖe nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye afia. 28Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma! 29Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.”

30Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, “Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo.”

31Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.” 32Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo. 33Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La exploración de la Tierra Prometida

  • Moisés envió a doce líderes en representación de las tribos de Israel desde el desierto de Parán para explorar la tierra de Canaán. La expedición recorrió el territorio durante cuarenta días, viajando hacia el norte desde el árido Neguev hasta Rehob, en dirección a Lebo-hamat.Fuentes: el propio texto bíblico · Paran · Negeb · Rehob
  • En un valle llamado Escol, los exploradores recolectaron muestras de los frutos de la tierra fértil, incluyendo granadas, higos y un único racimo de uvas tan pesado que dos hombres tuvieron que llevarlo colgado de una vara.Fuentes: el propio texto bíblico · Brook Eshcol
  • Antes de enviar a los líderes, Moisés le dio a Oseas hijo de Nun el nombre de Josué. Al regresar, Caleb y Josué animaron a Israel a tomar la tierra, mientras que los otros exploradores informaron con temor que las ciudades estaban fortificadas y habitadas por los altos descendientes de Anac.Fuentes: el propio texto bíblico · Joshua · Caleb · Anak

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículos 2, 17
  • Paran · 30.303, 34.777 · versículos 3, 26
  • Negeb · 31.245, 34.841 · versículos 17, 22, 29
  • Zin · Hoy: Zin Desert · 30.971, 35.325 · versículo 21
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 22
  • Hebron · Hoy: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículo 22
  • Zoan · Hoy: Tanis · 30.977, 31.880 · versículo 22
  • Amalek · 30.648, 34.422 · versículo 29
  • Great Sea · Hoy: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículo 29
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 29

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.