Nations Bible

Nehemías 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nunɔlawo kple Levitɔwo

1Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye:

Seraya, Yeremia, Ezra,

2Amaria, Maluk, Hatus,

3Sekania, Rehum, Meremot,

4Ido, Gineton, Abiya,

5Miyamin, Madia, Bilga,

6Semaya, Yoyarib, Yedaia,

7Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia.

8Levitɔ siwo gbɔ la woe nye: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebia, Yuda, Matania, ame si kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa 9Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me.

10Yesua nye Yoyakim fofo,

Yoyakim nye Eliasib fofo,

Eliasib nye Yoiada fofo,

11Yoiada nye Yonatan fofo,

Yonatan nye Yaɖua fofo,

12Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye:

Meraya si nye Seraya ƒe ƒomea ƒe tatɔ,

Hananiya nye Yeremia ƒomea ƒe tatɔ,

13Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ,

Yehohanan nye Amaria ƒomea ƒe tatɔ,

14Yonatan nye Maluk ƒomea ƒe tatɔ,

Yosef nye Sebania ƒomea ƒe tatɔ,

15Adana nye Harim ƒomea ƒe tatɔ,

Helkai nye Meremot ƒomea ƒe tatɔ,

16Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ,

Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ,

17Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ,

Piltain nye Moadia ƒomea kple Miniamin ƒomea ƒe tatɔ,

18Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ,

Yehonatan nye Semaya ƒomea ƒe tatɔ,

19Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ,

Uzi nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ,

20Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ,

Eber nye Amok ƒomea ƒe tatɔ,

21Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ,

Netanel nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ.

22Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli. 23Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi. 24Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.

25Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub. 26Ame siawoe wɔ dɔ le Yoyakim, Yesua ƒe vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli kple esi Nehemia nye mɔmefia, eye Ezra nye nunɔla kple agbalẽfiala.

Yerusalem ƒe gli la ŋu kɔkɔ

27Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo. 28Hadzihamenɔlawo hã va Yerusalem tso kɔƒe siwo ƒo xlãe kple Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me 29kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ. 30Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu.

31Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ. 32Hosaya kple Yuda ƒe kplɔlawo ƒe afã adze wo yome, 33kpe ɖe Azaria, Ezra, Mesulam, 34Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremia ŋu. 35Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi, 36kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la. 37Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo.

38Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ, 39heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.

40Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã 41kple nunɔla siawo: Eliakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zekaria kple Hananiya kple woƒe kpẽwo, 42eye ame siawo hã kpe ɖe wo ŋuti: Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer. Hadziha siawo dzi ha le Yezrahia ƒe kpɔkplɔ te. 43Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke!

44Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu. 45Wokpɔ ŋudzedze le hadzilawo, agbonudzɔlawo, ame siwo naa kpekpeɖeŋu le mawusubɔsubɔ kple ameŋutikɔkɔ wɔnawo me le Fia David kple via Fia Solomo ƒe ɖoɖoawo nu hã ŋu. 46Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli. 47Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Dedicación de la muralla y registros sacerdotales

  • Para la dedicación de la muralla reconstruida de Jerusalén, se reunió a los levitas y cantores de los poblados circundantes donde se habían establecido, como Bet-gilgal y los campos de Geba y Azmavet. La alabanza musical se organizó en coros alternados con instrumentos dispuestos según las normas del rey David.Fuentes: el propio texto bíblico · Beth-gilgal · Geba · Azmaveth
  • La ceremonia de dedicación contó con dos grandes coros de acción de gracias que marchaban sobre lo alto de las murallas recién reparadas en direcciones opuestas. Una procesión fue encabezada por Esdras el escriba hacia la Puerta del Muladar, mientras Nehemías seguía al segundo grupo, hasta que ambos coros se encontraron en la casa de Dios.Fuentes: el propio texto bíblico · Dung Gate · Gate of the Fountain
  • El capítulo conserva registros ancestrales de sacerdotes y levitas que abarcan desde el primer retorno bajo Zorobabel y el sumo sacerdote Jesúa a través de varias generaciones hasta el período persa. Estas listas documentaban la línea de los sumos sacerdotes y los jefes de familia encargados del servicio del templo y de la guardia de las puertas.Fuentes: el propio texto bíblico · Zerubbabel · Joshua · Eliashib

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 27, 28, 29, 43
  • Dung Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 31
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 37
  • Fountain Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 37
  • Water Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 37
  • Broad Wall · 31.776, 35.232 · versículo 38
  • Tower of the Ovens · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 38
  • Ephraim Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39
  • Fish Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39
  • Gate of the Guard · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39
  • Gate of Yeshanah · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39
  • Sheep Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39
  • Tower of Hananel · Hoy: Antonia Fortress · 31.780, 35.234 · versículo 39
  • Tower of the Hundred · Hoy: within 500 m of the Antonia Fortress · 31.780, 35.234 · versículo 39

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.