Nehemías 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye:
Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia,
2Seraya, Azaria, Yeremia,
3Pasur, Amaria, Malkiya,
4Hatus, Sebania, Maluk,
5Harim, Meremot, Obadia,
6Daniel, Gineton, Baruk,
7Mesulam, Abiya, Miyamin,
8Maazia, Bilgai kple Semaya.
Ame siawo katã nye nunɔlawo.
9Levitɔ siwo de asi nubabla la te la woe nye:
Yesua, Azania ƒe vi, Binui, Henadad ƒe vi, Kadmiel,
10Sebania, Hodia, Kelita, Pelaya, Hanan,
11Mika, Rehob, Hasabia,
12Zakur, Serebia, Sebania,
13Hodia, Bani kple Beninu.
14Dukɔ la ƒe kplɔla siwo de asi ete la woe nye:
Paros, Pahat Moab, Elam, Zatu, Bani,
15Buni, Azgad, Bebai,
16Adoniya, Bigvai, Adin,
17Ater, Hezekia, Azur,
18Hodia, Hasum, Bezai,
19Harif, Anatɔt, Nebai,
20Magpias, Mesulam, Hezir,
21Mesezabel, Zadok, Yaɖua,
22Pelatia, Hanan, Anaya,
23Hosea, Hananiya, Hasub,
24Halohes, Pilha, Sobek,
25Rehum, Hasabna, Maaseya,
26Ahiya, Hanan, Anan,
27Maluk, Harim kple Baana.
28Ame siawoe de asi nubabla la te ɖe dukɔ blibo la nu, elabena dukɔmeviwo, nunɔlawo, Levitɔwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple ame bubuawo katã, ame siwo srɔ̃wo, viŋutsuwo, vinyɔnuwo, ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme la, ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi gbɔ ale be woasubɔ Mawu. 29Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi.
30“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o.
31“Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me.
32“Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ, 33elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me.
34“Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.
35“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me.
36“Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me.
37“Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si. 38Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la. 39Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ.
“Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”

¿Sabías que…?
El sellado del pacto
- El gobernador Nehemías, junto con sacerdotes, levitas y líderes de la comunidad, puso su sello en un documento formal comprometiéndose a obedecer la Ley de Moisés. El resto del pueblo, incluidos hombres, mujeres y todos los hijos con entendimiento, ratificó el compromiso con un juramento solemne.Fuentes: el propio texto bíblico · Nehemiah
- La comunidad se comprometió de manera específica a guardar el sábado, negándose a comprar mercancías o grano de los pueblos vecinos en días sagrados. También acordaron dejar descansar la tierra y condonar deudas cada siete años, además de evitar matrimonios con los pueblos circundantes.Fuentes: el propio texto bíblico
- Para asegurar el sostenimiento del templo, el pueblo instituyó una contribución anual de un tercio de siclo y echó suertes para suministrar leña para el altar. También se comprometieron a llevar los diezmos y las primicias de sus cosechas, rebaños y masas para el sustento de los sacerdotes y levitas.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org