Nations Bible

Marcos 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yesu do lo tso nukuwula ŋu

1Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me hafi nɔ nua fiam. 2Efia nu geɖe amewo to lododowo me. 3Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee! Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me. 4Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ, 6gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o. 7Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o. 8Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku blaetɔ̃, eye ɖewo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.”

9Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si to senu li na la nesee.”

Lododo la ƒe taɖodzinu

10Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃la bubuwo susɔ la, nusrɔ̃lawo biae be, “Lododo sia gɔme ɖe?” 11Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe la godo to lododo me. 12Miɖo ŋku edzi be,

“Togbɔ be wokpɔa nu, eye wosea nu hã la,

womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ;

be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.”

Lododo tso nukuwula ŋu ƒe gɔmeɖeɖe

13Ale Yesu gblɔ na wo bena, “Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo sia gɔme o ɖe, aleke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme? 14Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo. 15Mɔto, afi si nuku aɖewo kaka ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ne wose mawunya la, Satana va te wo kpɔ ko la, woŋlɔa nya la be enumake. 16Kpenyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea mawunya la, eye woxɔnɛ kple dzidzɔ, 17gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna. 18Ŋunyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea nyanyui la, woxɔnɛ ɖe woƒe dziwo me, 19gake xexe sia me ƒe dzitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu, hloloetsotso na dzidzedzekpɔkpɔ kple xexea me ƒe nudzroame geɖewo zua ŋu vuna tsyɔa Mawu ƒe Nya si wose la dzi, metsea ku aɖeke o. 20Azɔ anyigba nyui lae nye ame siwo xɔa Mawu ƒe Nya la le nyateƒe me, eye wòtsea ku geɖe na Mawu, blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka gɔ̃ hã.”

Lododo tso akaɖi si le afianu te la ŋu

21Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi alo danɛ ɖe abati te mahã? Alo menye akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo o mahã? 22Nu siwo katã le ɣaɣla fifia la, ava dze le gaglãgbe gbe ɖeka. 23Ne to senu li na mi la, misee! 24Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi, elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme. 25Ame si si nu le la, eyae woana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ sue si le esi la gɔ̃ hã le esi.”

Lododo tso nuku ƒe tsitsi le eɖokui si ŋu

26“Lododo bubu si fia ale si mawufiaɖuƒe la le lae nye esi: ‘Agbledela aɖe ƒã nuku ɖe eƒe abɔ me, eye wòdzo, 27ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nuku la ŋutɔ tsi le eɖokui si, eye agbledela la mewɔ dɔ aɖeke o, elabena anyigba la ŋutɔ nyo xoxo. 28Gbã la, aŋgba fɛ̃wo do tso anyigba ƒe tu me, emegbe la, nuku la ƒo se, eye mlɔeba la, etse ku. 29Ke esi kutsetse la ɖi la, agbledela la yi agble la me kple eƒe nuxahɛ, eye wòxa nuku la.’ ”

Lododo tso atiku sue la ŋu

30Yesu yi edzi bia wo be, “Aleke gɔ̃ maɖe ale si mawufiaɖuƒe la le la afia mie. Lododo ka tututu matsɔ asɔ kplii? 31Mawufiaɖuƒe la le abe atiku suetɔ kekeake ene le anyigba dzi. 32Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la, etsina zua ati dzɔatsu le abɔmetiwo katã dome, eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.”

Lododo ŋu dɔ wɔwɔ

33Yesu wɔ lododo vovovowo ŋu dɔ tsɔ fia nu amewo. Ewɔ esiwo gɔme amewo ate ŋu ase la ŋu dɔ. 34Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.

Yesu tsi ahom nu le atsiaƒu dzi

35Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.” 36Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wodze mɔ, hegble ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome. 37Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ. 38Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?”

39Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.

40Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?”

41Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Parábolas del reino junto al mar

  • Marcos 4 comienza con Jesús enseñando a una gran multitud desde una barca en el mar y termina con una violenta tormenta de viento sobre esas aguas. Una cronología del episodio fecha estas parábolas junto al mar y el milagro en un solo día del año 28 d. C.Fuentes: el propio texto bíblico · Seaside Parables and Miracle
  • Al explicar lo del sembrador, Jesús dice que Satanás viene y quita la palabra sembrada junto al camino. El nombre Satanás significa adversario o acusador y, en el Nuevo Testamento, se usa de manera intercambiable con el diablo más de treinta veces.Fuentes: el propio texto bíblico · Satan
  • Jesús dice que el reino de Dios es como la semilla que brota y crece mientras el sembrador duerme y despierta, aunque no sabe cómo: la tierra produce la cosecha por sí sola, primero el tallo, luego la espiga y después el grano que madura. También lo compara con un grano de mostaza, la más pequeña de todas las semillas sembradas en la tierra, que llega a ser la mayor de todas las plantas del huerto, con las aves anidando a su sombra. No les decía nada a las multitudes sin una parábola, pero en privado se lo explicaba todo a sus propios discípulos.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.