Marcos 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yesu fia nu le srɔ̃gbegbe ŋu
1Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.
2Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ ne yewoalée le nya aɖe me. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?”
3Yesu trɔ bia wo be, “Aleke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?” 4Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose ɖe mɔ be srɔ̃ŋutsu naŋlɔ agbalẽ na srɔ̃nyɔnu be yegbee.”
5Yesu ɖo eŋu be, “Miaƒe dzimesesẽ tae Mose de se sia na mi ɖo. 6Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze me ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu. 7Le esia ta ŋutsu agble fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnu la ŋuti 8eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Eya ta womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka. 9Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o.”
10Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe me la, nusrɔ̃lawo gado srɔ̃gbenya la ɖa.
11Yesu gblɔ na wo be, “Nenye be ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a be yeaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnu la ŋu. 12Nenema ke ne nyɔnu aɖe hã gbe srɔ̃a, eye wòɖaɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.”
Yesu yra ɖeviwo
13Gbe ɖeka la, ame aɖewo kplɔ wo viwo va Yesu gbɔ be wòayra wo. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.
14Yesu kpɔ nu si nusrɔ̃lawo wɔ la, medzɔ dzi nɛ kura o. Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la! 15Le nyateƒe me, mele gblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.”
16Azɔ exɔ ɖeviawo ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòda asi ɖe wo dzi heyra wo.
Ɖekakpui kesinɔtɔ la
17Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe ƒu du va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”
18Yesu biae be, “Nu ka ta nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. 19Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye: mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”
20Ɖekakpui la gblɔ na Yesu be, “Nufiala, mewɔ se siawo katã dzi tso nye ɖevime ke.”
21Yesu kpɔe dũ eye wòlɔ̃e, gblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàdzra wò nuwo katã, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwò le dziƒo. Le esia megbe la, va, nàdze yonyeme.”
22Ɖekakpui la yrɔ esi wòse nya siawo; eƒe mo trɔ zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.
23Esi wòdzo yina la, Yesu kpɔ eyome dũu eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”
24Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! 25Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato tɔnui ƒe do me ado go tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.” 26Nya siawo gawɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Ale wobiae be, “Ame kae akpɔ ɖeɖe?”
27Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be, “Esia sesẽ na amegbetɔwo, gake ele bɔbɔe na Mawu ya, elabena naneke mesesẽ na Mawu o.”
28Petro gblɔ na Yesu be, “Míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme.”
29Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ si wotsɔ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la, 30woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kple yometiti le agbe sia me. Gake le agbe si gbɔna me la, woakpɔ agbe mavɔ. 31Ke ame siwo nye gbãtɔwo la, woazu mamlɛtɔwo eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la woazu gbãtɔwo.”
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi etɔ̃lia
32Esi wodze mɔ yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ ɖo ame siwo hã nɔ eyome. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe kpɔe, eye wògagblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo:
33Egblɔ na wo be, “Ne míeɖo afi ma la, woalé Amegbetɔ Vi la akplɔ ayi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo. Ame siawo atso kufia nɛ, akplɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la be woawu. 34Woaɖu fewu le eŋu vevie, aɖe ta ɖe eŋu vlodotɔe, aƒoe kple atam eye woawui, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, atsi tsitre tso ame kukuwo dome.”
Yakobo kple Yohanes ƒe didi
35Azɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo va egbɔ, va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nàwɔ nane na mí.”
36Yesu bia wo be, “Nu ka dim miele?”
37Woɖo eŋu nɛ be, “Míedi be míanɔ wò nuɖusime kple wò miame le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.”
38Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?”
39Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, míate ŋui.”
Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le la me, eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala, 40gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zikpuiwo dzi le nye nuɖusime kple nye miame o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko.”
41Nusrɔ̃la ewo mamlɛawo se nya si Yakobo kple Yohanes ɖabia Yesu, ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. 42Le esia ta Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔe hegblɔ na wo be, “Abe ale si mienya ene la, dukɔwo ƒe kplɔlawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi, 43gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye amegã le mia dome la, ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla, 44eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi, 45elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
Yesu yɔ dɔ Bartimeo, ŋkuagbãtɔ la
46Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto. 47Esi Bartimeo se be Yesu Nazaretitɔ la va yina la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam!”
48Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Ɖo to kaba!” Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, “Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam.”
49Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva.”
Ale wogblɔ nɛ be, “Wò dzi nedze eme. Yesu le yɔwòm, tso va.” 50Eɖe eƒe awu ƒu gbe, eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ.
51Yesu biae be, “Nu ka nèdi be mawɔ na ye?”
Ŋkuagbãtɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Nufiala, medi be makpɔ nu.”
52Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, ava eme na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.

¿Sabías que…?
Discipulado y Fe en el Camino a Jerusalén
- Mientras Jesús y Sus seguidores viajaban hacia Jerusalén pasando por Jericó, en el valle del Jordán, encontraron a Bartimeo, cuyo nombre significa hijo de Timeo. Sentado junto al camino como un mendigo ciego, aclamó repetidamente a Jesús como 'Hijo de David' antes de recobrar la vista y seguirlo por el camino.Fuentes: Jericho · Bartimaeus · Timaeus · el propio texto bíblico
- Santiago y Juan, los hijos del pescador galileo Zebedeo, le pidieron a Jesús los dos lugares de mayor honor a Su derecha y a Su izquierda. Jesús aprovechó la petición para contrastar a los gobernantes gentiles que se enseñorean de los demás con el reino de Dios, donde quien quiera ser el primero debe hacerse servidor y esclavo de todos.Fuentes: James (Son of Zebedee) · John the Apostle · Zebedee · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 1
- Judea · Hoy: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 17, 32, 33
- Jericho · Hoy: Tell el Alayiq · 31.852, 35.436 · versículo 46
- Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 47
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org