Nations Bible

Mateo 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yesu yɔ dɔ anyidzela aɖe

1Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo. 2Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”

3Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake. 4Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”

Yesu da gbe le Kapernaumʋafia la ƒe dɔla ŋuti

5Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu. 6Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me.”

7Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.”

8Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ. 9Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.”

10Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o. 11Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob. 12Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra fiaɖuƒe la ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.”

13Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã la ŋu hegblɔ nɛ be, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.

Yesu da gbe le Petro lɔ̃xo kple dɔléla bubu geɖewo ŋuti

14Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒe aƒe me la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le ŋudza lém. 15Yesu ka asi eƒe asi ŋu, eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso, eye wòsubɔe.

16Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔ, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la, gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ. 17Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be,

“Etsɔ míaƒe vevesesewo,

eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”

Yesu yomedzelawo ƒe fukpekpe

18Esi Yesu kpɔ be ameha geɖewo nɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi. 19Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be, “Nufiala, nye la, makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”

20Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”

21Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”

22Yesu ɖo eŋu na ame sia hã be, “Dze yonyeme fifia, eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”

Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi

23Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. 24Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. 25Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!”

26Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.

27Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?”

Yesu da gbe le Gadaratɔ gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ eve aɖewo ŋu

28Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o. 29Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?”

30Le ɣe ma ɣi me la, aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo. 31Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”

32Yesu gblɔ na wo be, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!” Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku. 33Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me, eye wogblɔ nu si dzɔ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃ do go le la ƒe nyawo na dua me tɔwo. 34Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Curaciones, fe y el mar

  • Capernaum, la ciudad a la que Jesús entra en este capítulo, era una ciudad de Galilea que no se menciona en el Antiguo Testamento. El Easton's Bible Dictionary (1897) dice que llegó a ser “su propia ciudad” después de que dejó Nazaret, e incluye la súplica del centurión y la curación en la casa de Pedro entre los hechos situados allí.Fuentes: Capernaum · el propio texto bíblico
  • Jesús dice que muchos vendrán del oriente y del occidente para compartir el banquete con Abraham, Isaac y Jacob en el reino de los cielos. El Easton's Bible Dictionary (1897) presenta a Abraham como hijo de Taré y heredero de las promesas, a Isaac como el único hijo de Abraham con Sara, y a Jacob —también llamado Israel— como el hijo gemelo menor de Isaac y Rebeca.Fuentes: el propio texto bíblico · Abraham · Isaac · Jacob (Israel)
  • Mateo presenta las curaciones de aquella noche como cumplimiento de lo dicho por medio del profeta Isaías: “Él tomó nuestras dolencias y cargó con nuestras enfermedades.” El Easton's Bible Dictionary (1897) identifica a Isaías como hijo de Amoz, que profetizó durante los reinados de Uzías, Jotam, Acaz y Ezequías.Fuentes: el propio texto bíblico · Isaiah

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Gadara · Hoy: Umm Qais · 32.656, 35.679 · versículo 28

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.