Nations Bible

Mateo 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Todzinyagbɔgblɔ

1Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ. 2Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo be,

3“Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la,

elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.

4Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la,

elabena woafa akɔ na mi!

5Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu,

miawoe anyi anyigba la ƒe dome.

6Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la,

elabena miawoe aɖi ƒo.

7Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo,

elabena miawoe woakpɔ nublanui na.

8Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me,

elabena miawoe akpɔ Mawu.

9Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la,

elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo.

10Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta,

elabena miawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”

11Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye. 12Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee.

Dze kple kekeli

13“Miawoe nye anyigba la ƒe dze. Ke ne miebu miaƒe dzenyenye ɖe, nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖeko woatsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi.

14“Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o. 15Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. 16Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”

Nufiafia le sedziwɔwɔ nyuitɔ ŋuti

17“Mise eme nyuie be, menye ɖe meva be mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ ge meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu, eye mafia woƒe nyateƒenyenye. 18Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu, 19eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me. 20Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”

Nufiafia le hlɔ̃dodo ŋuti

21“Miese wogblɔ na blematɔwo be, ‘Mègawu ame o, eye ame si awu ame la adze na ʋɔnudɔdrɔ̃.’ 22Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.

23“Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu, eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwò aɖe dome la, 24gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi aɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu.

25“Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ. 26Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi la, eye pesewa afã hã masusɔ o.”

Nufiafia le ahasiwɔwɔ ŋuti

27“Miese wogblɔ be, ‘Megawɔ ahasi o,’ 28gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. 29Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. 30Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe, elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.”

Nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti

31“Wogblɔ hã be, ‘Ne ŋutsu aɖe di be yeagbe srɔ̃a la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’ 32Ke nye la mele egblɔm na mi be, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi, eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.”

Nufiafia le atamkaka ŋuti

33“Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘Mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ wɔ ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi,’ 34gake nye ya, mele egblɔm na mi be, migata nu kura o, elabena ne ègblɔ be meta Dziƒo la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe. 35Eye ne èta Anyigba la, edze agɔ ake, elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o, elabena Yerusalem nye Fiagã la ƒe du. 36Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena màte ŋu atrɔ wò ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o. 37Kpuie ko la, mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ‘Ɛ̃’, eye ‘O’ nanye ‘O’; nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.”

Nufiafia le nu vɔ̃ teƒe ɖoɖo ŋuti

38“Miese wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ 39Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo. 40Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui, be yeaxɔ wò awutewui la, na wòaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu. 41Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zɔ kplii kilomita eve. 42Na nu ame si le nu biam wò la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.

Lɔlɔ̃ na ame ƒe futɔwo

43“Miese wogblɔ be, ‘Lɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò ketɔ.’ 44Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta, 45be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi. 46Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui ka miewɔ? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa? 47Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Ɖe trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa? 48Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El Sermón del Monte

  • Al ver a las multitudes, Jesús subió al monte, se sentó y comenzó a enseñar a sus discípulos. Ese discurso se conoce como el Sermón del Monte. Una nota cronológica sitúa su inicio en el año 28 d. C. y le asigna una duración de un día.Fuentes: el propio texto bíblico · Sermon on the Mount
  • Al enseñar sobre los juramentos, Jesús dice que no se jure por Jerusalén, porque es la ciudad del gran Rey. En el original, el nombre está en dual y significa posesión de paz o fundación de paz. Esa forma probablemente alude a los dos montes sobre los que se construyó la ciudad, Sion y Moriah, o, como algunos suponen, a la ciudad alta y la ciudad baja; también se la llamaba ciudad de Dios y ciudad santa.Fuentes: el propio texto bíblico · Jerusalem

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 35

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.