Mateo 25
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Lododo le ɖetugbi ewoawo ŋuti
1Míatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya asɔ kple dziƒofiaɖuƒe la. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. 2Wo dometɔ atɔ̃ nye abunɛtɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo. 3Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. 4Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. 5Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃.
6“Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’
7“Ɖetugbiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. 8Tete abunɛtɔawo gblɔ na nunyalawo be, ‘Mina miaƒe ami la ƒe ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiawo le tsitsim.’
9“Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.’
10“Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la.
11“Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be, ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’
12“Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!’
13“Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.
Lododo le talentomama ŋuti
14“Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi la. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsam va se ɖe esime yeagbɔ.
15“Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi. 16Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o. 17Ame si xɔ sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ, eye wògakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.
18“Ke ame si xɔ sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do ɖe anyigba, eye wòtsɔ eƒe Aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie.
19“Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti. 20Ame si wòtsɔ sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo vɛ nɛ.
21“Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!’
22“Ame si xɔ sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’
23“Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee nye ema nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le ga home sue sia ŋu dɔ wɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’
24“Ame si xɔ sidi akpe ɖeka la hã va do, eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, menya be wò nya ɖe wòsẽ; eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o, 25ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe ga la dzi la, àxɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla ɖe to, eye esi nèva la, mehee ɖe go. Eyae nye esi.’
26“Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye, eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o, eye esi nènya hã be mele viɖe bia ge ɖe ga la dzi la, 27ele na wò be nàtsɔ ga la ada ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam.
28“ ‘Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si, eye miatsɔe na ame si si sidi akpe ewo le la, 29elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋu dɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, be nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi. 30Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’
Nuwuwu ʋɔnudɔdrɔ̃ la
31“Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. 32Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. 33Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃awo anɔ nye miame.
34“Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me, 35elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum, eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene, eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me. 36Awu menɔ ŋunye o, gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ, eye mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me, eye mieɖi tsa va gbɔnye.’
37“Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣe ka ɣi míekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsikɔ nɔ wuwòm, eye míena tsi wò nèno kpɔ? 38Ɣe ka ɣi nèva dze mí abe amedzro ene, 39eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣe ka ɣi wode wò gaxɔ me alo nedze dɔ, eye míeva kpɔ wò ɖa?’
40“Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’
41“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me, 42elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o. 43Meva dze mi abe amedzro ene, gake miexɔm o, menɔ amama, gake mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ, gake mieva kpɔm ɖa o, wodem gaxɔ me, gake medzro mi be miava do gbe teti hã nam o.’
44“Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò be, dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu alo tsi wò. Ɣe ka ɣi nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o mahã’?
45“Ale maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti hã o la, nyee nye ema miewɔ wo na o.’
46“Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”
¿Sabías que…?
Preparados antes de que venga el Hijo del Hombre
- Mateo 25 compara el reino de los cielos con diez vírgenes que toman lámparas y salen al encuentro del novio. Las cinco prudentes llevan aceite en frascos; las cinco insensatas no lo llevan y, tras la demora, un grito a medianoche las encuentra con las lámparas apagándose, de modo que les dicen que compren aceite y ellas vuelven cuando la puerta de la boda ya está cerrada. Él les dice que no las conoce, y el relato termina diciendo que hay que velar, porque nadie sabe el día ni la hora.Fuentes: el propio texto bíblico
- La escena siguiente es la de un hombre que, antes de un viaje, confía sus bienes a tres siervos: cinco talentos, dos talentos y un talento, a cada uno según su capacidad. Los dos primeros ponen el dinero a trabajar y lo duplican; el que recibió un solo talento cava un hoyo y lo esconde. Después de mucho tiempo, el señor alaba a los dos primeros como buenos y fieles y los invita a entrar en su alegría, pero llama al tercero malo y perezoso, y dice que la suma debió dejarse con los banqueros para que produjera intereses.Fuentes: el propio texto bíblico
- El capítulo termina con el Hijo del Hombre que viene en gloria con todos los ángeles y se sienta en su trono glorioso mientras las naciones se reúnen ante él. Las separa como un pastor separa las ovejas de las cabras: las ovejas a su derecha y las cabras a su izquierda. Recibe a los de la derecha por haber dado de comer al hambriento, de beber al sediento, acogido al extranjero, vestido al desnudo, cuidado al enfermo y visitado al preso, y dice que lo hecho a uno de estos sus hermanos más pequeños fue hecho a él, mientras los de la izquierda, que no hicieron nada de esto, van al castigo eterno, y los justos a la vida eterna.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org