Nations Bible

Mateo 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

1Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amito la ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.

2Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ. 3Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’ ”

4Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,

5“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be,

‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò,

edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ”

6Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi, 7eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu nɔ wo dzi. 8Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ; bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. 9Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be,

“Hosana na Fia David ƒe Vi la!”

“Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!”

“Hosana le dziƒo ʋĩi!”

10Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ; ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”

11Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”

Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

12Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.

13Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”

14Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me, 15gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ.

16Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?”

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be,

“ ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo

kple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?”

17Esia megbe la, etrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ.

Yesu ƒo fi de gboti matseku la

18Esi ŋu ke, eye Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi. 19Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu.

20Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?”

21Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃ hã. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ hã be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake. 22Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi.”

Wobia nya tso Yesu ƒe ŋusẽ ŋu

23Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”

24Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi. 25Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?”

Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’ 26Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.”

27Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.”

Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”

Lododo le viŋutsu eveawo ŋu

28Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’

29“Ɖevi la ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, etrɔ eƒe susu, eye wòyi agble la me ɖawɔ dɔ la.

30“Fofoa va ɖevitɔ hã gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòawɔ nenema. Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi.’ Ke egbe meyi o.

31“Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?”

Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.”

Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi, 32elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be, midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be, esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metsɔ fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzi me goŋgoŋgoŋ.

Lododo le waingble kple edzikpɔlawo ŋuti

33“Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.

34“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye. 35Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia.

36“Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu geɖewo ɖa, gake wowɔ fu woawo hã abe ame dɔdɔ gbãtɔwo ene. 37Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ Via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu, elabena enye via.

38“Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ” 39Ale wohe agbletɔ la ƒe vi la do goe le agble la me, eye wowui.

40Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nu ka miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?”

41Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”

42Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be,

“ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o

lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa?

Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?

43“Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ. 44Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”

45Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le le lododo la me, eye yewo ŋuti wòle nya la gblɔm ɖo. 46Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Jesús entra en Jerusalén

  • Al acercarse a Jerusalén, Jesús y los discípulos llegaron a Betfagé, en el Monte de los Olivos, y desde allí él envió a dos discípulos a traer una asna y su pollino. Betfagé significa “casa del higo aún no maduro”; estaba en el camino de Jerusalén a Jericó, muy cerca de Betania, donde pasó la noche, y era el límite de una jornada de sábado desde la ciudad, 2.000 codos. El Monte de los Olivos debe su nombre a los olivos que cubren sus laderas y es una sierra al este de Jerusalén, separada de la ciudad por el valle del Cedrón.Fuentes: el propio texto bíblico · Bethphage · Mount of Olives
  • El pasaje dice que la entrada cumplió lo que se había dicho por medio del profeta a la Hija de Sion: su rey vendría a ella manso, montado en un asno, en un pollino, cría de asna. Sion era el monte suroriental de Jerusalén; cuando David la tomó de los jebuseos, construyó allí una ciudadela y un palacio, y llegó a conocerse como la ciudad de David. Las multitudes que iban delante y las que lo seguían gritaban: “¡Hosanna al Hijo de David!”Fuentes: el propio texto bíblico · Zion
  • Cuando Jesús entró en Jerusalén, toda la ciudad se conmovió y preguntó quién era; las multitudes respondieron que era Jesús, el profeta de Nazaret de Galilea. Nazaret no se menciona en el Antiguo Testamento y era el hogar de José y María. El Diccionario Bíblico de Easton (1897) dice que el nombre se entiende por lo general como forma griega de una palabra hebrea que significa “retoño” o “brote”, aunque algunos lo relacionan con el monte detrás del pueblo y con una palabra para quien guarda o vigila; Galilea significa “circuito” y se llamaba “Galilea de los gentiles”, y se distinguía la Alta Galilea de la Baja Galilea, más al sur.Fuentes: el propio texto bíblico · Nazareth · Galilee

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 10, 18
  • Mount of Olives · 31.778, 35.246 · versículo 1
  • Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 5
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 11
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · versículo 11

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.