Mateo 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Farisitɔwo kple Zadukitɔwo bia dzesi
1Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va be yewoado Yesu kpɔ; wobia tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo.
2Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la, nenye be fiẽ ɖo la, miegblɔna be, ‘Yame akɔ, elabena yame biã,’ 3eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu, elabena akpɔ̃ ɖo, eye yame biã.’ Mienya ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o. 4Dzidzime vɔ̃ɖi, ahasitɔ sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo.
Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu
5Wogatso ƒu la yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be, yewomeƒle nuɖuɖu ɖe asi o. 6Yesu xlɔ̃ nu wo vevie gblɔ be, “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.”
7Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo.
8Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo? 9Nu ka ta miate ŋu ase nu gɔme o ɖo? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) kple abolo atɔ̃, eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa? 10Esi menyi ame akpe ene (4,000) ɖe, mieɖo ŋku edzi kple abolo gbogbo si susɔ míelɔ ɖe kusi me o mahã? 11Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ ”
12Ke azɔ la, wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la.
Petro ʋu Yesu me
13Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔ Vi la nye mahã?”
14Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be, Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Ɖewo be Eliyae nènye, bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.”
15Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?”
16Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”
17Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o. 18Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o. 19Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”
20Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Kristo la o.
Yesu ƒo nu tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ
21Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.
22Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Mawu neɖe agba sia ɖa le dziwò; nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!”
23Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Ènye nukikli le mɔ me nam, elabena Mawu me nuwo mele susu me na wò o, negbe amegbetɔwo tɔ ko. Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”
24Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme, 25elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe, eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu faa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ. 26Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ? 27Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.
28“Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”

¿Sabías que…?
La confesión de Pedro y el camino de la cruz
- Cesarea de Filipo, donde Jesús preguntó quién decía la gente que era el Hijo del Hombre, estaba junto a la base del monte Hermón, en el nacimiento superior del Jordán, a 20 millas al norte del mar de Galilea y a 120 millas al norte de Jerusalén. El Easton's Bible Dictionary (1897) llama a ese lugar el límite norte del ministerio público de Jesús. Según algunos, allí había antes un santuario cananeo de Baal; después el lugar pasó a llamarse Paneas.Fuentes: Caesarea Philippi · el propio texto bíblico
- Cuando los fariseos y los saduceos pidieron una señal del cielo, Jesús dijo que a una generación malvada y adúltera solo se le daría la señal de Jonás. El Easton's Bible Dictionary (1897) describe a Jonás, hijo de Amitai, de Gat-hefer, como profeta de Israel enviado como misionero a Nínive, y lo presenta como tipo del Hijo del Hombre.Fuentes: Jonah · el propio texto bíblico
- Simón, a quien Jesús llama aquí Pedro, era pescador de Betsaida e hijo de Jonás. El Easton's Bible Dictionary observa que Simón, que significa "oír", era un nombre judío muy común en el Nuevo Testamento. Cuando Pedro reprendió la palabra de que Jesús debía ir a Jerusalén, sufrir, ser muerto y resucitar al tercer día, Jesús respondió: "¡Ponte detrás de mí, Satanás!"; el mismo diccionario define a Satanás como "adversario" o "acusador", nombre que también usa para quien tentó a Jesús en el desierto.Fuentes: Simon Peter · Satan · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Caesarea Philippi · Hoy: Banias · 33.246, 35.693 · versículo 13
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 21
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org