Nations Bible

Mateo 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Tatsotso le Yohanes nu

1Fia Herod se Yesu ŋkɔ 2ale wògblɔ na eƒe amewo be, “Edze ƒãa be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya ta wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm ɖo.”

3Azɔ la, Herod na wolé Yohanes, eye woblae de gaxɔ me le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ ta, 4elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o. 5Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.

6Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ, 7eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. 8Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.” 9Nya sia te ɖe fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe ame kpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu akɔ vɛ. 10Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me, 11tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvi la, eye wòkɔe yi na dadaa. 12Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la, eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi. Emegbe la, woyi ɖaka nya la ta na Yesu.

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

13Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome.

14Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.

15Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”

16Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!”

17Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, “Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!”

18Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ wo vɛ.”

19Azɔ ebia tso ameha la si be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve la, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe wo dzi. Emegbe la, eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 20Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ. 21Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃ (5,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.

Yesu zɔ ƒu dzi

22Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒe me. 23Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me, 24ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.

25Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. 26Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, “Ŋɔlie.”

27Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, “Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme.”

28Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wò tututue la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”

29Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.”

Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyram la, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wode asi toyiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!”

31Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, “O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?”

32Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la tɔ zi ɖeka.

33Nusrɔ̃la mamlɛa siwo le tɔdziʋua me la dze klo nɛ hegblɔ nɛ be, “Mawu ƒe Vie nènye vavã!”

Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu le Genezaret

34Azɔ wotso ƒu la va do ɖe Genesaretnyigba la dzi. 35Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye wonɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le wo ŋu. 36Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ.

¿Sabías que…?

La muerte de Juan y el mar de Galilea

  • El tetrarca Herodes es Herodes Antipas, hijo de Herodes con Malthace. Herodías, hija de Aristóbulo y Berenice, dejó a su esposo, Herodes Felipe I, hermano de Antipas, y se casó con Antipas; el Easton's Bible Dictionary (1897) también identifica a Felipe como padre de Salomé. Juan dijo que el matrimonio era ilícito, y Antipas lo encarceló y después lo hizo decapitar, probablemente en el castillo de Macheronte, según ese relato.Fuentes: el propio texto bíblico · Herod Antipas · Herodias · Philip
  • Una cronología fecha la decapitación de Juan, la alimentación de los cinco mil y a Jesús caminando sobre el mar, todas en el año 29 d.C. Después de que los discípulos de Juan sepultaron el cuerpo y avisaron a Jesús, él se retiró en barca a un lugar solitario, pero las multitudes lo siguieron a pie desde los pueblos.Fuentes: John Beheaded · Feeding of Five Thousand · Jesus Walks on Water · el propio texto bíblico
  • Después de cruzar el mar, desembarcaron en Genesaret, ciudad de Neftalí en la orilla occidental del lago al que dio su nombre. La ciudad se llamaba Cineret y, más tarde, Genezar y Genesaret; no queda rastro de ella, y una cronología fecha las curaciones allí en el año 29 d.C. Su llanura, notable por su fertilidad y hermosura, ha sido llamada el Paraíso de Galilea y hoy se llama el-Ghuweir.Fuentes: Gennesaret · Healing in Gennesaret · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 1
  • Gennesaret · Hoy: El Ghuweir · 32.861, 35.507 · versículo 34

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.