Mateo 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Sabat ŋkeke la ƒe aƒetɔ
1Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Dzudzɔgbe ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣe ma ɣi, eya ta woŋe bli aɖewo, eye woklẽ wo heɖu.
2Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ be, “Wò nusrɔ̃lawo wɔ nu siwo mele se nu o la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”
3Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa? 4Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si mele se nu be woaɖu o, negbe nunɔlawo ko naɖu la. 5Miexlẽe le Mose ƒe Segbalẽ la me kpɔ be nunɔla siwo le dɔ wɔm le gbedoxɔ me la gblẽa Dzudzɔgbe ŋkeke ƒe kɔ la me le gbedoxɔ me gake nu vɔ̃ mele wo ŋu oa? 6Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia! 7Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ, ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la, anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o, 8elabena Amegbetɔ Vi la nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la gɔ̃ hã.”
Ame si tsitsi lé asi na
9Esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, 10eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, “Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “Ɛ̃,” ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
11Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be wò alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! 12Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ tɔ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ dɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi.”
13Azɔ egblɔ na ame si tsitsi lé asi na la be, “Dzɔ wò asi,” eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene. 14Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe be yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.
Mawu ƒe dɔla tiatia la
15Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu. 16Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye la o. 17Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti la nu be,
18“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si metia,
ame si melɔ̃ eye mekpɔa ŋudzedze le,
matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi
ne woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.
19Mewɔa dzre alo doa ɣli o,
eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi hã o!
20Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o.
Le eƒe dziɖuɖu mamlɛtɔ me la,
atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu,
21eye eƒe ŋkɔ anye xexea me katã ƒe mɔkpɔkpɔ.”
Yesu kple Belzebul
22Azɔ wokplɔ ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe, eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã. 23Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David ƒe Vi la?”
24Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”
25Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã. 26Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã? 27Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 28Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.
29“Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 30Misee be ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la, eyae kanɛ hlẽna.
Nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu
31“Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunyagbɔgblɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ya la, womatsɔe ake o. 32Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o.
Ati kple eƒe kutsetsewo
33“Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena, eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo. 34Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me. 35Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana. 36Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, 37eya ta minyae be nya si ado tso miaƒe nu me fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.”
Amewo bia dzesi
38Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.”
39Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Dzidzime vɔ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o, 40elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. 41Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o. 42Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Solomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ be yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ la, ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome.
Gbɔgbɔ makɔmakɔ la ƒe tɔtrɔ gbɔ
43“Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, 44ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ.’ Ne etrɔ va la, ekpɔna be aƒea me ɖi gbɔlo, wokplɔ eme nyuie, eye nu sia nu le ɖoɖo nu. 45Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.”
Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo
46Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo nɔ aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii. 47Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le aƒea godo le didim be yewoaƒo nu kpli wò.”
48Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?” 49Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ be, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo.” 50Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu.”

¿Sabías que…?
Señor del sábado y las señales del Reino
- Cuando los fariseos lo cuestionaron por recoger espigas en sábado, Jesús citó el relato del Antiguo Testamento donde David comió los panes consagrados cuando tuvo hambre. Argumentó que la necesidad humana y hacer el bien tienen prioridad sobre las normas rituales, declarándose Señor del sábado.Fuentes: el propio texto bíblico · David
- Tras expulsar un demonio de un hombre ciego y mudo, Jesús fue acusado de actuar por medio de Beelzebú, el príncipe de los demonios. Jesús rechazó la acusación, explicando que un reino o casa dividida contra sí misma no puede sostenerse y que expulsar demonios por el Espíritu de Dios demuestra la llegada de su reino.Fuentes: el propio texto bíblico · Satan
- En respuesta a quienes pedían una señal milagrosa, Jesús señaló al profeta Jonás, comparando los tres días de Jonás en el vientre del pez con su propia muerte y sepultura venideras. Advirtió que los habitantes de Nínive y la Reina del Sur juzgarían a esa generación porque respondieron a Jonás y a Salomón, mientras que alguien mayor estaba ahora presente.Fuentes: el propio texto bíblico · Jonah · Nineveh · Solomon
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org