Lucas 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Lododo le xɔnuvi dzeaye la ŋuti
1Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametola la nye ame fiti aɖe ŋutɔ.
2“Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’
3“Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa. 4Menya nu si mawɔ! Ele be madi xɔlɔ̃wo fũu, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.’
5“Ale wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo ɖekaɖeka. Ebia gbãtɔ be, ‘Ho neni ƒe fe nènyi le nye aƒetɔ ŋu?’
6“Eɖo eŋu be, ‘Amitimi kilolita etɔ̃.’
“Gakɔntametola gblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ gbãtɔ, nɔ anyi kaba, eye nàtrɔe wòazu kilolita ɖeka kple afã.’
7“Tete wòbia ame evelia be, ‘Fe nenie wò ya nènyi?’
“Eɖo eŋu be, ‘Lu kilo blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.’
“Egblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ, eye nàŋlɔ kilo blaetɔ̃.’
8“Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.”
9Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me.
10“Ame si te ŋu wɔ nuteƒe le nu suetɔ me la ate ŋu awɔ nuteƒe le nu geɖewo hã me, eye ame si nye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu suetɔ me la anye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me. 11Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si? 12Eye nenye be mieɖia anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me ŋu o la, aleke wɔ woatsɔ gã si nye wò ŋutɔ tɔwò la ade asi na wò?
13“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o.”
Se la kple mawufiaɖuƒe la
14Farisitɔ siwo lɔ̃a ga vivivo la se nya siawo katã, eye woɖo hehe ɖe Yesu ta. 15Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.
16“Hafi Yohanes Mawutsidetanamela nadze mawunyagbɔgblɔ gɔme la, Mose ƒe sewo kple Nyagblɔɖilawo ƒe gbedeasiwo koe kplɔa mi. Gake Yohanes tsɔ nyanyui sia vɛ be mawufiaɖuƒe la gbɔna kpuie. Eye fifia la, ame geɖe ŋutɔ le ʋiʋlim vevie be yewoage ɖe eme. 17Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu, eye wòle te sesĩe abe dziƒo kple anyigba ene.
18“Eya ta ne ame aɖe gbe srɔ̃a, eye wòɖe nyɔnu bubu la ewɔ ahasi, eye ame si hã ɖe nyɔnu si ŋu woɖe asi le la hã wɔ ahasi.”
Lododo le kesinɔtɔ kple Lazaro ŋuti
19“Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe. 20Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu. 21Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu.
22“Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii. 23Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ. 24Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’
25“Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me. 26Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’
27“Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, ‘Fofo Abraham, ekema dɔ Lazaro ɖe fofonye ƒe aƒe me, 28elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’
29“Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.’
30“Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’
31“Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’ ”

¿Sabías que…?
Riqueza, dos amos y Lázaro
- En las palabras de Jesús sobre el rico y Lázaro, el rico clama: 'Padre Abraham', y Abraham responde: 'Hijo'. El Diccionario Bíblico de Easton (1897) explica el nombre Abraham como 'Padre de una multitud' y lo describe como heredero de las promesas.Fuentes: el propio texto bíblico · Abraham
- Hablando a los fariseos, que se burlaban de él, Jesús dice que la Ley y los Profetas fueron proclamados hasta Juan, y que desde entonces se predica el evangelio del reino de Dios. El Diccionario Bíblico de Easton (1897) llama a Juan el Bautista 'precursor de nuestro Señor', afirma que su misión fue objeto de profecía, entre ellas Isaías 40:3 y Malaquías 3:1, y declara que su nacimiento ocurrió seis meses antes del de Jesús.Fuentes: el propio texto bíblico · John the Baptist
- A un administrador acusado de desperdiciar los bienes de su señor se le ordena rendir cuentas y dejar el puesto. Hace que los deudores reescriban sus cuentas, reduciendo cien medidas de aceite de oliva a cincuenta y cien medidas de trigo a ochenta, y el señor elogia al administrador deshonesto porque había actuado con astucia. Jesús dice entonces que ningún siervo puede servir a dos amos, y que nadie puede servir al mismo tiempo a Dios y al dinero.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org