Nations Bible

Lucas 10

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yesu dɔ nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo

1Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me. 2Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ be wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me. 3Azɔ miheyi, eye miɖo ŋku edzi be miele abe alẽvi siwo wodɔ ɖo ɖe amegaxiwo dome ene. 4Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ mɔzɔkotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o!

5“Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’ 6Ne ŋutifafame aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agbugbɔ ava mia dzi.

7“Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.

8“Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua me tɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme. 9Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’

10“Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be, 11‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’ 12Mele gbe tem ɖe edzi na mi be nuwo anɔ bɔbɔe na Sodom wu du sia le Ʋɔnudrɔ̃gbe la.

Babadodo na du siwo metrɔ dzime o

13“Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata akpanya anɔ anyi ɖe afi me. 14Le nyateƒe me la, tohehe si woana Tiro kple Sidon la anɔ wodzoe wu esi woana mi le ʋɔnudrɔ̃gbe la. 15Mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me.”

16Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo ɖo to mi la, nyee woɖo toe, eye ame siwo gbe mi la, nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.”

Nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo ƒe tɔtrɔ gbɔ

17Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Aƒetɔ, ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.”

18Yesu ɖo eŋu be, “Nyateƒee, nye ŋutɔ mekpɔ Satana wòge tso dziƒo abe dzikedzo ene! 19Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o. 20Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.”

Yesu ƒe akpedada gbedodoɖa

21Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzi me fũu kple dzidzɔ blibo, eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyala gãwo gbɔ, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ. 22Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”

23Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu, eye wògblɔ na wo dzaa be, “Woayra ŋku siwo le nu siwo kpɔm miele la kpɔm. 24Nyagblɔɖilawo kple fia siwo nɔ anyi tsã la di vevie be yewoanɔ anyi le ŋkeke siawo me, eye yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele, gake womete ŋui o!”

Lododo le Samariatɔ dɔmenyotɔ la ŋu

25Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?”

26Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?”

27Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ ”

28Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!”

29Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui, elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o, eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?”

30Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo si me. Adzodalawo vuvu awu le eŋu, ƒoe vevie, eye wògblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã. 31Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe va to afi ma yina, esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia, eye wòdzo le egbɔ. 32Levitɔ aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖeŋu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe hã va kpɔ amea wòmlɔ mɔa to, gake eya hã tso eme dzo. 33Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o hã va yina, eye esi wòkpɔ amea la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. 34Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ zã bliboa. 35Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ ga home si hiã la na amedzrodzeƒedzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlɛa nenye be megatrɔ va afii.’ ”

36Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be, “Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo si me?”

37Ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae nye ehavi.”

Yesu gblɔ nɛ be, “Eɖo eŋu nyuie, heyi, eye wò hã nawɔ nenema.”

Yesu le Marta kple Maria ƒe aƒe me

38Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Yerusalem, eye wova ɖo kɔƒe aɖe me. Nyɔnu aɖe si woyɔna be Marta la xɔ wo ɖe eƒe aƒe me. 39Marta nɔvi Maria va nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem. 40Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽe la, Marta te ɖe Yesu ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia, eye nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.”

41Gake Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti. 42Ke nu ɖeka koe le vevie, eyae nye nu si Maria tia, eya womele exɔ ge le esi o.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La misión, las ciudades y Marta y María

  • El Diccionario Bíblico de Easton (1897) identifica Corazín, nombrada en los ayes de este capítulo junto con Betsaida y Capernaúm, con Kerazeh, a unas dos millas y media remontando el Wady Kerazeh desde Capernaúm. Dice que, después de que Jesús fue expulsado de Nazaret, Capernaúm pasó a ser su propia ciudad. El capítulo compara esas ciudades con Tiro y Sidón; el diccionario llama a Sidón el primer hogar de los fenicios en la costa de Palestina y la ciudad madre de Tiro, a unas veinticinco millas al norte de Tiro.Fuentes: el propio texto bíblico · Chorazin · Capernaum · Sidon
  • El Diccionario Bíblico de Easton (1897) da al nombre Marta el sentido de amargura y dice que ella, su hermana María y su hermano Lázaro vivían en Betania, y que Marta era probablemente la mayor. Como este pasaje llama a la casa su casa, el diccionario señala que algunos han supuesto que era viuda y que su hermano y su hermana se alojaban con ella. La describe como ansiosa y ajetreada en el cuidado del huésped, a diferencia de María, que se sentó a los pies de Jesús y escuchó.Fuentes: el propio texto bíblico · Martha · Mary (sister of Lazarus)
  • El Señor designa a otros setenta y dos y los envía de dos en dos delante de él, y una cronología de acontecimientos sitúa ese envío en el año 29 d.C. Cuando regresan, alegres de que hasta los demonios se someten en su nombre, él dice que vio a Satanás caer del cielo como un rayo. El Diccionario Bíblico de Easton (1897) explica el nombre Satanás como adversario o acusador, y señala que el Nuevo Testamento lo usa de manera intercambiable con el diablo más de treinta veces.Fuentes: el propio texto bíblico · 70 Sent Out · Satan

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Sidon · Hoy: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · versículos 13, 14
  • Tyre · 33.271, 35.196 · versículos 13, 14
  • Jericho · Hoy: Tell el Alayiq · 31.852, 35.436 · versículo 30
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 30, 38

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.