Levítico 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Ŋkekenyui vovovoawo
1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe kɔkɔewo ene.
Dzudzɔgbe la
3“ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me.
Ŋutitotoŋkekenyui kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui
4“ ‘Esiawoe nye Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe ɖoanyiawo, takpekpe kɔkɔe siwo miayɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi. 5Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ.
6“ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o. 7Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. 8Hena ŋkeke adre la, miawɔ dzovɔsa na Yehowa, eye le ŋkeke adrelia dzi la, yɔ takpekpe kɔkɔe, eye miawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke la dzi o.’ ”
Kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui
9Yehowa gblɔ na Mose be, 10“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la. 11Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke. 12Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa. 13Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ. 14Miekpɔ mɔ aɖu abolo aɖeke, bli tɔtɔe alo bli yeye aɖeke o va se ɖe ŋkeke si dzi miawɔ vɔsa sia na miaƒe Mawu la. Esia anye ɖoɖo mavɔ na mi hena dzidzime siwo ava dzɔ le afi sia afi si mianɔ la.
Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui
15“ ‘Tso Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke, gbe si gbe mietsɔ lu babla gbãtɔ vɛ, eye mienyee le yame la, xlẽ kɔsiɖa blibo adre. 16Xlẽ ŋkeke blaatɔ̃ va se ɖe ŋkeke si dze Dzudzɔgbe adrelia dzi, eye miasa vɔ kple nuŋeŋe yeyewo na Yehowa. 17Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa. 18Kpe ɖe abolo kple wain ŋuti la, miatsɔ alẽvi adre siwo xɔ ƒe ɖeka, nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo de blibo la asa numevɔ na Yehowa. Wo katã nye dzovɔsawo eye wonye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa. 19Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe. 20Nunɔla la anye nunana siawo le yame le Yehowa ŋkume hekpe ɖe nu gbãtɔwo ƒe abolo ŋu, kpakple alẽvi eveawo siwo nye nu kɔkɔewo na Yehowa, eye woatsɔ wo ana nunɔlawo abe woƒe nuɖuɖu ene. 21Woaɖe gbeƒã ŋkeke ma abe amewo katã ƒe takpekpe kɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ene. Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Esia nye se si dzi woawɔ tso dzidzime yi dzidzime.
22“ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui
23Yehowa gblɔ na Mose bena, 24“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku. 25Migawɔ gbe sia gbe dɔwo o, ke boŋ misa dzovɔ na Yehowa.’ ”
Avuléŋkekenyui la
26Yehowa gblɔ na Mose be, 27“Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa. 28Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, elabena enye avuléŋkeke tɔxɛ le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. 29Ne ame aɖe mewɔ ŋkeke sia ŋu dɔ hena dzimetɔtrɔ kple konyifafa ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. 30Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe gbe ma gbe la tso eƒe amewo dome. 31Miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ele be esia nanye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo ava va le afi si mianɔ. 32Ŋkeke sia nye dzudzɔgbe; miabɔbɔ mia ɖokui, eye miase veve ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Avuléɣeyiɣi sia adze egɔme tso fiẽ si do ŋgɔ na Avuléŋkekenyui la, eye wòayi edzi va se ɖe ŋkekenyui la ƒe fiẽ.”
Agbadɔmeŋkekenyui
33Yehowa gblɔ na Mose bena, 34“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre. 35Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe le ŋkeke gbãtɔ dzi. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. 36Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’
37(“ ‘Esiawoe nye ŋkekenyui siwo miaɖu atsɔ de bubu Yehowa ŋu; ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔewo, eye woasa dzovɔwo, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple etɔ 38Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.)
39“ ‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo. 40Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ. 41Ŋkekenyui sia, si woaɖu na Yehowa ŋkeke adre, ƒe sia ƒe la, nye se tso dzidzime yi dzidzime. 42Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me. 43Nu sia ƒe taɖodzinue nye be woaɖo ŋku edzi na Israelviwo, tso dzidzime yi dzidzime be meɖe mi tso Egiptenyigba dzi, eye mena mienɔ agbadɔwo me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
44Ale Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkekenyui siwo woaɖu ƒe sia ƒe la na Israelviwo.

¿Sabías que…?
Las fiestas señaladas del Señor
- Levítico 23 describe el calendario sagrado de Israel, comenzando con el reposo del sábado semanal y detallando festividades anuales como la Pascua, los Panes sin Levadura, las Primicias, la Fiesta de las Semanas, el Día de Expiación y la Fiesta de los Tabernáculos.Fuentes: el propio texto bíblico
- Junto a las fiestas agrícolas, la ley instituyó una disposición social al prohibir que los agricultores segaran hasta los bordes de sus campos o recogieran las espigas caídas, dejándolas para los pobres y los extranjeros residentes.Fuentes: el propio texto bíblico
- Durante los siete días de la Fiesta de los Tabernáculos, los israelitas debían recolectar ramas de palmera, árboles frondosos y sauces para habitar en cabañas temporales, recordando que sus antepasados vivieron en enramadas tras salir de la tierra de Egipto.Fuentes: el propio texto bíblico · Egypt
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 43
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org