Nations Bible

Josué 24

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Wogbugbɔ nubabla la wɔ yeyee le Sekem

1Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume.

2Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo. 3Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi. 4Isak ƒe vi siwo menae la woe nye, Yakob kple Esau. Metsɔ anyigba si ƒo xlã Seir to la na Esau, ke Yakob kple viawo yi Egipte.

5“ ‘Meɖo Mose kple Aron ɖa be woahe dɔvɔ̃ dziŋɔwo va Egipte dzi, eye mekplɔ nye ameawo dzoe abe ablɔɖemewo ene. 6Ke esi woɖo Ƒu Dzĩ la nu la, Egiptetɔwo kplɔ wo ɖo kple tasiaɖamwo kple sɔwo, 7ale Israelviwo do ɣli yɔm, eye mena viviti do ɖe woawo kple Egiptetɔwo dome. Mena atsiaƒu la ŋe dze Egiptetɔwo dzi, eye wonyrɔ ɖe tsi la me, miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ. Le esia megbe la, Israelviwo nɔ gbegbe la ƒe geɖe.

8“ ‘Mlɔeba la, mekplɔ mi va Amoritɔwo ƒe anyigba dzi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ. Afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi, ke metsrɔ̃ wo, eye metsɔ woƒe anyigba la na mi. 9Emegbe la, Fia Balak ho aʋa ɖe Israel ŋu, eye wòbia tso Balaam, Beor ƒe vi, si be wòaƒo fi ade mi, 10ke nyemeɖo toe o, ke boŋ mena wòyra mi boŋ. Ale meɖe Israel tso eƒe asi me.

11“ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã. 12Meɖo nudzodzoe teamewo ɖe mia ŋgɔ be woanya Amoritɔwo ƒe fia eveawo kple woƒe amewo. Menye miaƒe yiwo alo aŋutrɔwoe he dziɖuɖu vɛ na mi o! 13Metsɔ anyigba si ŋu mieku kutri le o kple du siwo mietso o, du siwo me miele fifia la na mi. Metsɔ waingblewo kple amitiwo na mi hena miaƒe nuɖuɖu togbɔ be menye miawoe de woƒe agblewo o hã.’

14“Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko. 15Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”

16Ameawo ɖo eŋu be, “Míagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe asubɔ mawu bubuwo o, 17elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía fofowo tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. Eyae nye Mawu si wɔ nukunu gãwo le Israelviwo ŋkume esi míezɔ mɔ to gbedzi, eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me esi míeto woƒe anyigbawo dzi. 18Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.”

19Yosua ɖo eŋu na ameawo be, “Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu le kɔkɔe, eye wòʋãa ŋu, matsɔ miaƒe aglãdzedze kple nu vɔ̃wo ake mi o. 20Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.”

21Ameawo ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ.”

22Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?”

Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenye ɖasefowo.”

23Yosua gblɔ be, “Enyo, ekema miɖe asi le mawu siwo katã le mia si fifia la ŋu, eye miaɖo to Aƒetɔ, Yehowa, Israel ƒe Mawu la.”

24Ameawo ɖo eŋu na Yosua be, “Ɛ̃, míasubɔ, eye míaɖo to, Yehowa míaƒe Mawu ko!”

25Ale Yosua bla nu kple wo gbe ma gbe le Sekem, eye wòtsɔ wo de nubabla mavɔ me kple Mawu.

26Yosua ŋlɔ ameawo ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Segbalẽ la me, eye wòmli kpe gã aɖe da ɖe logoti si le Yehowa ƒe Agbadɔ la gbɔ la te abe ŋkuɖodzinu ene.

27Eye Yosua gblɔ na ameawo katã be, “Kpe sia se nu siwo katã Yehowa gblɔ, eya ta anye ɖasefo atsi tsitre ɖe mia ŋu ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe dzi o.”

Woɖi Yosua kple Yosef ƒe ƒuwo ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi

28Yosua ɖe asi le ameawo ŋu, eye ame sia ame yi eƒe anyigba dzi.

29Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, Nun vi Yosua ku. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. 30Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat Sera, le Efraim ƒe tonyigba la dzi, le Gaas toawo ƒe anyiehe lɔƒo.

31Israel subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi bubu siwo kpɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na Israel teƒe la le woƒe agbenɔɣiwo.

32Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me.

33Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me.

¿Sabías que…?

Renovación del Pacto y Despedida en Siquem

  • Siquem estaba situada en un valle entre los montes Ebal y Gerizim, donde Abraham había edificado su primer altar en Canaán y donde Jacob había enterrado los ídolos ajenos de su familia. Reunir allí a las tribus para renovar el pacto y sepultar los huesos de José en el terreno comprado por Jacob vinculaba directamente a la asamblea con la historia patriarcal de Israel.Fuentes: Shechem · el propio texto bíblico
  • Al repasar la historia de Israel, Josué recordó que sus primeros antepasados, incluido Taré, padre de Abraham, vivían más allá del río Éufrates y servían a otros dioses. Josué desafió al pueblo a desechar tanto aquellas antiguas divinidades mesopotámicas como los dioses de Egipto para servir exclusivamente al SEÑOR.Fuentes: River · Terah · el propio texto bíblico
  • Tras registrar las palabras del pacto en el Libro de la Ley de Dios, Josué erigió una gran piedra bajo una encina cerca del santuario del SEÑOR en Siquem. En las costumbres del antiguo Cercano Oriente, se solían levantar piedras como testigos públicos y duraderos de pactos y acuerdos solemnes.Fuentes: Joshua · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Shechem · Hoy: Tell Balatah · 32.214, 35.282 · versículos 1, 25, 32
  • Euphrates · Hoy: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículos 2, 3, 14, 15
  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 3
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 4, 5, 6, 7, 14, 17, 32
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 8, 11
  • Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículo 9
  • Jericho · Hoy: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 11

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.