Nations Bible

Josué 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

To siwo tso ɣedzeƒe la trɔ yi woƒe nɔƒewo

1Azɔ la, Yosua yɔ Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to la ƒe afã la ƒo ƒui. 2Egblɔ na wo be, “Miewɔ nu sia nu si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na mi be miawɔ, eye miewɔ nye sewo katã hã dzi. 3Miegblẽ mia nɔvi Israelvi bubuawo ɖi kpɔ gbeɖe o togbɔ be aʋa la xɔ ɣeyiɣi didi aɖe alea hã. 4Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ. 5Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo.”

6Le esia megbe la, Yosua yra wo, eye wòɖo wo ɖe woƒe anyigbawo dzi. 7Mose tsɔ anyigba na Manase ƒe to afã la ɖe Basan, eye Yosua na anyigba to la ƒe afã la ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi kple wo nɔviŋutsuwo. Esi Yosua ɖo wo ɖe aƒe me la, edo mɔ wo kple yayranya siawo 8be: “Migbugbɔ yi míaƒe aƒewo me kple miaƒe kesinɔnu gbogboawo, lãha gãwo, klosalo, sika, akɔbli kple gayibɔ kple nudodo gbogboawo, eye mima afunyinu siwo mieha le míaƒe futɔwo si la kple mia nɔviŋutsuwo.”

9Ale Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la dzo le Israelviwo ƒe aʋakɔ la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Wotso tɔsisi la heyi woƒe anyigba dzi le Gilead. 10Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ.

11Ke esi Israelvi bubuawo se nu si wowɔ la, 12woƒo ƒu aʋawɔla aɖewo nu le Silo be yewoawɔ aʋa kple yewo nɔvi Israel ƒe to eve kple afã ma me tɔwo. 13Gbã la, Israelviwo na Finehas, nunɔla Eleazar ƒe vi, kplɔ ame dɔdɔ aɖewo tso tɔsisi la, eye woƒo nu kple wo nɔvi Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la. 14Ame dɔdɔawo nye Israel ƒe amegãwo; ame ɖeka tso to ewoawo dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye hlɔ̃ aɖe ƒe kplɔla. 15Esi woɖo Gilead la, wogblɔ na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã bena,

16“Yehowa ƒe ameha blibo la di be yeanya nu si ta miele nu vɔ̃ wɔm ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le eyome hetu vɔsamlekpui, eye miedze aglã ɖe Yehowa ŋu.

17“Ɖe nu vɔ̃ si míewɔ le Peor mesɔ gbɔ na mi oa? Míekɔ mía ɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ ma ŋu haɖe va se ɖe egbe o, togbɔ be dɔvɔ̃ va dze Yehowa ƒe amewo dzi hã. 18Ɖe miegale tɔtrɔm le Yehowa yome xoxoa? Elabena mienya be ne yewodze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe la, ado dɔmedzoe ɖe mí katã ŋu etsɔ si gbɔna. 19Ne miehiã vɔsamlekpui, elabena wogblẽ kɔ ɖo na miaƒe anyigba ta la, ekema miva kpe mí le míaƒe nɔƒe le tɔsisi la godo, afi si Yehowa le mía dome le, le eƒe Agbadɔ la me, eye míama míaƒe anyigba na mi. Ke migadze aglã ɖe Yehowa ŋu to vɔsamlekpui bubu tutu me kpe ɖe míaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui vavã ɖeka la ŋu o. 20Ɖe mieɖo ŋku edzi be esime Akan, Zera ƒe vi, wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, wohe to na dukɔ blibo la, kpe ɖe ame ɖeka ma si wɔ nu vɔ̃ ŋu o mahã?”

21Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã ɖo eŋu na Israelviwo ƒe tatɔwo be, 22“Ŋusẽtɔ lae nye Yehowa, mawuwo dzi Mawu lae nya nu si ta míetu vɔsamlekpui la, eye míedi be miawo hã mianya! Ne míedze aglã, eye míewɔ nuteƒe na Yehowa o la, ekema migana míanɔ agbe o! 23Ne míeda le Yehowa ƒe se dzi, eye míetu míawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpui be míasa numevɔ alo nuɖuvɔ loo alo ŋutifafavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nahe to na mí. 24Míewɔ nu sia, elabena míevɔ̃ be mia viwo agblɔ na mía viwo be, ‘Mɔ ka miekpɔ asubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la? 25Yehowa wɔ Yɔdan tɔsisi la wònye liƒo le míawo kple mi Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo dome, kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa dome o.’ Ekema miaƒe dzidzimeviwo ana míaƒe dzidzimeviwo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, 26eya tae míetu vɔsamlekpui aɖe, menye hena numevɔsawo alo akpedavɔsawo o, 27ke boŋ be wòanye dzesi anɔ míawo kple miawo siaa dome kple dzesi na dzidzime siwo ava kplɔ mí ɖo la be míesubɔa Yehowa le agbadɔ kɔkɔe sia ŋgɔ kple míaƒe nunanawo hena numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo. Míewɔ esia ale be miaƒe dzidzimeviwo magblɔ na míaƒe dzidzimeviwo be, ‘Kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa, míaƒe Mawu la dome o.’ 28Ne woagblɔ alea la, mía viwo ate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu be, ‘Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui si mía fofowo tu ɖa! Wotui ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ƒe nɔnɔme nu. Wometui na numevɔsa kple vɔsa bubuawo o, ke boŋ wotui be wòanye kadodo anɔ míawo kple miawo dome, eye wòaganye Yehowa ƒe dzesi.’

29“Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagbugbɔ le Yehowa yome alo atsi tsitre ɖe eŋu to vɔsamlekpuiɖiɖi me na mía ɖokui hena numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuawo. Vɔsamlekpui si le Agbadɔ la ŋkume ko ŋu dɔ míawɔ na vɔsasa.”

30Esi Finehas, nunɔla la kple Israelviwo ƒe tatɔwo se nya siawo tso Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la nu la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ.

31Finehas si nye Eleaza vi gblɔ na wo be, “Míenya egbe be, Yehowa le mía dome, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu abe ale si míebu ene o, ke boŋ mieɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me!”

32Finehas kple ame dɔdɔ ewoawo trɔ yi Israelvi bubuawo gbɔ, eye woɖe nu si dzɔ la me na wo. 33Tete Israel blibo la tso aseye, kafu Mawu, eye womegagblɔ nya aɖeke tso aʋawɔwɔ kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo ŋu o. 34Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la be, “Ɖaseɖiɖi ƒe Vɔsamlekpui,” elabena wogblɔ be, “Vɔsamlekpui la nye ɖaseɖiɖi le míawo kple woawo dome be Yehowae nye míaƒe Mawu.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El altar junto al Jordán y la unidad tribal

  • El río Jordán formaba una frontera geográfica natural que separaba Canaán de los territorios orientales de Galaad y Basán, asignados a Rubén, Gad y la media tribu de Manasés. Por temor a que este río hiciera que las tribus occidentales afirmaran en el futuro que los orientales no tenían parte con Dios, ellos construyeron una réplica imponente del altar como testimonio continuo de unidad, y no para ofrecer sacrificios.Fuentes: el propio texto bíblico · Gilead · Jordan · Shiloh
  • Cuando Israel se reunió en Silo preparado para la guerra, envió a Finees, hijo de Eleazar, junto con diez líderes de clanes para confrontar a las tribos orientales. Su advertencia recordó desastres del pasado como el pecado en Peor y la transgresión de Acán, destacando la convicción de que la infidelidad traería castigo colectivo sobre toda la congregación de Israel.Fuentes: el propio texto bíblico · Phinehas (Levite) · Achan · Eleazar

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 4, 7, 10, 11, 25
  • Bashan · 32.781, 35.935 · versículo 7
  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículos 9, 10, 11, 32
  • Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 9, 13, 15, 32
  • Shiloh · Hoy: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículos 9, 12
  • Peor · Hoy: within 1 km of Khirbet Ayun Musa · 31.777, 35.738 · versículo 17

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.