Juan 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Yesu nɔviŋutsuwo ƒe dzimaxɔse
1Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui. 2Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la, 3Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la. 4Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o, eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nàɖe ɖokuiwò afia xexea me.” 5Nɔviawo gblɔ esia, elabena womexɔ edzi se o.
6Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o, ke miawo la, ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nyo na mi. 7Miawo la, xexea me tɔwo mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, elabena megblɔna na wo be woƒe nuwɔnawo nye nu vɔ̃ɖi. 8Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.” 9Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me.
10Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi Ŋkekenyui la ɖuƒe. Ke eyi le bebeme. 11Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe, eye wonɔ eta biam be, “Afi ka ŋutsu ma le?”
12Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.”
Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.” 13Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo.
Yesu fia nu le Ŋkekenyui la ɖuƒe
14Esi ŋkekenyui la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi nufiafia amewo me. 15Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, “Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?”
16Yesu ɖo eŋu be, “Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ. 17Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo. 18Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o. 19Ɖe Mose metsɔ seawo na mi oa? Gake mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o. Ke nu ka ta miedi be yewoawum ɖo?”
20Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”
21Yesu gblɔ na wo be, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa. 22Ke Mose fia aʋatsotso mi, eye mietsoa aʋa na mia viwo le Dzudzɔgbe ŋkekea gɔ̃ hã dzi. (Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.) 23Azɔ la, nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Dzudzɔgbe dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ta miele dɔmedzoe dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Dzudzɔgbe dzi? 24Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”
Ame siae nye Kristo la?
25Yerusalemtɔ aɖewo bia be, “Menye ame si dim wole be yewoawu lae nye esia oa? 26Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo, gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la? 27Míenya afi si ame sia tso. Ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”
28Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o, 29gake nye la menyae, elabena nye kplie li hafi wòdɔm.”
30Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu ka asi eŋu o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.
31Ame geɖe siwo nɔ ameha la dome la xɔ edzi se. Wogblɔ be, “Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunuwo wu esiwo ame sia wɔa?”
Wodɔ asrafowo ɖa be woalé Yesu
32Farisitɔwo se nya siwo gblɔm ameha la le tso eŋu. Ale nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa be woayi aɖalée. 33Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ. 34Miadim, gake miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si meyina la o.”
35Yudatɔwo bia wo nɔewo be, “Afi ka wòle ɖoɖo wɔm be yeadzo ayi, eye míate ŋu akpɔe o? Ɖe wòyina mía nɔvi siwo kaka ɖe Grikitɔwo dome la gbɔ be yeafia nu Grikitɔwoa? 36Nu ka tututu wòwɔnɛ, esi wògblɔ be, ‘Miadim, gake miakpɔm o,’ eye ‘Miate ŋu ava afi si meyi la o.’ ”
37Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi. 38Elabena mawunya gblɔ be, ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si nye agbetsi la anɔ dzidzim tso eya amea me.’ ” 39Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti, elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o, elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o.
Mama ɖo ameawo dome
40Esi ameha la se nya si wògblɔ la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila la.”
41Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la.”
Ke ame bubu aɖewo bia be, “Ɖe Kristo la ate ŋu atso Galilea mahã? 42Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome me kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?” 43Ale mama ɖo ameawo dome ɖe Yesu ta. 44Ame aɖewo di vevie be yewoalée, gake wo dometɔ aɖeke meka asi eŋu o.
Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ƒe dzimaxɔse
45Mlɔeba la, gbedoxɔŋudzɔlawo trɔ yi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gbɔ, eye wobia wo be, “Nu ka ta mielée vɛ o ɖo?”
46Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.”
47Farisitɔawo gblɔ na wo be, “Ɖe ŋutsu sia ble miawo hã? 48Ɖe dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe xɔ ame sia dzi sea? 49Gbeɖe! Ne ameha gã sia, ame siwo menya naneke tso se la ŋu o lae xɔ edzi se la, fiƒode le ame siawo dzi!”
50Nikodemo, ame si nye Farisitɔwo dometɔ ɖeka, ame si yi Yesu gbɔ le zã me la bia etɔwo be, 51“Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?”
52Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me, eye nàkpɔ be Nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!”
[ 53Ale takpekpea kaka, eye ame sia ame dzo yi eƒe aƒe me.

¿Sabías que…?
Jesús en la Fiesta de los Tabernáculos
- Al acercarse la Fiesta judía de los Tabernáculos, una fiesta de siete días, Jesús se quedó en Galilea y evitó Judea, donde buscaban matarlo. En su tiempo, Judea era la más meridional de las tres divisiones romanas de Palestina, distinta de Galilea y Samaria; después subió a la fiesta en secreto y enseñó en los atrios del templo.Fuentes: el propio texto bíblico · Feast of Tabernacles · Judea
- La multitud estaba dividida sobre el lugar de donde vendría el Cristo. Algunos decían que la Escritura lo ubica en el linaje de David y en Belén, la aldea donde vivió David, el octavo y más joven hijo de Isaí; otros objetaban que no podía venir de Galilea, una región llamada desde hacía tiempo Galilea de los gentiles, y los fariseos insistían en que ningún profeta sale de allí.Fuentes: el propio texto bíblico · David · Galilee
- Nicodemo, fariseo y miembro del Sanedrín, había ido antes a Jesús de noche. Cuando los guardias enviados a arrestar a Jesús volvieron sin él, Nicodemo protestó y preguntó si su ley condenaba a un hombre antes de oírlo y de averiguar qué había hecho.Fuentes: el propio texto bíblico · Nicodemus
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Galilee · 32.760, 35.527 · versículos 1, 3, 9, 41, 52
- Judea · Hoy: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículos 1, 3
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 25
- Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículo 42
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org