Nations Bible

Juan 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Lazaro ƒe ku

1Azɔ eva eme be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ. Etso Betania, Maria kple nɔvia Marta ƒe du me. 2(Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.) 3Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”

4Esi Yesu se nya sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la, woakafu Mawu, eye woakɔ Mawu ƒe Vi la ŋuti.”

5Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro, 6gake esi wòse be Lazaro nɔ dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ. 7Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina míatrɔ ayi Yudea.”

8Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”

9Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm. 10Gake ne ele zɔzɔm le zã me la, akli nu, elabena viviti do.” 11Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.”

12Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.” 13Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle.

14Yesu ɖe eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku, 15eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o, be miaxɔ dzinye ase. Miva míayi egbɔ.”

16Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”

Yesue nye tsitretsitsi la kple agbe la

17Esi Yesu ɖo Betania la, wogblɔ nɛ be Lazaro ku, eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo. 18Betania anɔ abe agbadroƒe eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ, 19eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria siwo nye ameyinugbe la nɔviwo. 20Esi Marta se be Yesu gbɔna la, edo go be yeaɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o.

21Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o. 22Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.”

23Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tsitre.” 24Marta gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi.”

25Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe; 26eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?”

27Marta ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be, wòe nye Kristo, Mawu Vi la, ame si ava xexea me la.”

Yesu fa avi

28Esi wògblɔ nya sia la, edzo yi aƒe me, eye wòyɔ nɔvia Maria ɖe kpɔe gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo, eye wòdi be yeakpɔ wò.” 29Esi Maria se nya sia la, etso enumake yi Yesu gbɔ.

30Yesu mege ɖe dua me haɖe o, eganɔ afi si Marta va kpee le. 31Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo.

32Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.”

33Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam, eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eye eƒe ta me ɖe fu. 34Ebia be, “Afi ka woɖii ɖo?”

Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, va kpɔ!” 35Yesu fa avi.

36Esia ta Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?”

37Gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nu ka ta ame si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la mena be ame sia meku o ɖo?”

Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre

38Yesu gaʋuʋu le eɖokui me esi wòva yɔdo la gbɔ. Yɔdo la nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee.

39Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.”

40Yesu gblɔ be, “Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”

41Ale womli kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi, eye wògblɔ be, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom. 42Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.” 43Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!”

44Enumake ame kuku si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la fɔ tso yɔdo la me do kple eye ameɖivɔ si me woblae ɖo, eye taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na ameawo be, “Miɖe ameɖivɔawo le eŋu ne wòadzo.”

Woɖo nugbe be woawu Yesu

45Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa, eye wokpɔ nu si Yesu wɔ la xɔ edzi se. 46Gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nu si Yesu wɔ la na wo.

47Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm. 48Enye nyateƒe be ŋutsu sia le nukunu geɖewo wɔm. Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ame sia ame axɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava axɔ míaƒe nɔƒe kple dukɔ la le mía si.”

49Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la tsi tsitre gblɔ be, “Mienya naneke o. 50Mienya be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ la katã natsrɔ̃ oa?”

51Megblɔ esia le eɖokui si o, ke boŋ abe nunɔlagã le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, 52eye menye ɖe Israel dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe vi siwo kaka ɖe xexea me katã la ta, be woaƒo wo katã nu ƒu woazu ame ɖeka. 53Tso ema dzi la, wowɔ ɖoɖo be yewoawu Yesu.

54Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ.

55Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe la, ame geɖewo tso du vovovowo me yi Yerusalem hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnu la wɔwɔ hafi azã la naɖo. 56Wo dometɔ geɖewo di be yewoakpɔ Yesu, eya ta esi wonɔ tsitre le gbedoxɔa me la, wobia wo nɔewo be, “Alekee nye miaƒe susu? Ele azã la ɖuƒe va gea?” 57Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe be ne ame aɖe kpɔ Yesu la, nena nyanya yewo, ne yewoalée.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Lázaro resucitado en Betania

  • Juan sitúa Betania, la aldea de Lázaro y de sus hermanas María y Marta, a poco menos de dos millas de Jerusalén. El diccionario bíblico de Easton (1897) la ubica en la ladera sureste del monte de los Olivos, en el camino a Jericó, y dice que el nombre venía de las palmeras que crecían allí y que la aldea era conocida como el-Azariyeh, “lugar de Lázaro”.Fuentes: Bethany · el propio texto bíblico
  • Tomás, uno de los doce, también era llamado Dídimo, el equivalente griego de su nombre, que significa “gemelo”. Cuando Jesús decidió volver a Judea, donde poco antes habían intentado apedrearlo, Tomás dijo a los otros discípulos: “Vayamos también nosotros, para morir con él”.Fuentes: Thomas · el propio texto bíblico
  • Después de que algunos contaron lo que Jesús había hecho, los principales sacerdotes y los fariseos reunieron al Sanedrín, temiendo que, si todos creían en Jesús, los romanos les quitaran su lugar y su nación. Caifás, sumo sacerdote aquel año y, según el diccionario bíblico de Easton (1897), un saduceo que ocupó el cargo del 27 al 36 d.C., dijo que era mejor que un hombre muriera por el pueblo a que pereciera toda la nación. Juan dice que, como sumo sacerdote aquel año, profetizaba que Jesús moriría por la nación, y desde ese día tramaron matarlo.Fuentes: Caiaphas · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Judea · Hoy: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículos 7, 8, 54
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 18, 54, 55
  • Ephraim · Hoy: Taybeh · 31.954, 35.300 · versículo 54

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.