Nations Bible

Jeremías 46

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Gbedeasi tso Egipte ŋu

1Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso dukɔwo ŋuti.

2Tso Egipte ŋu:

Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:

3“Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwo

kple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa!

4Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu

eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo,

mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo!

Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo!

5Nu ka kpɔm mele?

Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe,

woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi.

Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe

eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.”

Yehowae gblɔe.

6“Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asi

alo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o.

Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to,

afi mae wokli nu hedze anyi ɖo.

7“Ame kae nye esi gbɔna le eɖokui kɔm ɖe dzi abe Nil

kple tɔsisi siwo me tsi le sisim sesĩe ene?

8Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nil

kple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene,

egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi;

matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’

9O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi!

O, tasiaɖamkulawo,

miku wo kple ŋkubiã!

O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe,

eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo

kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie!

10Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ,

hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo.

Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo

eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ

elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,

asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to.

11“O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu,

yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi.

Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle,

elabena màhaya akpɔ o.

12Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ

eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi.

Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo

kple eve la siaa woadze anyi.”

13Esia nye Yehowa ƒe nya si wòtsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia tso ale si Babilonia fia Nebukadnezar ava dze Egipte dzi la ŋuti.

14“Miɖe gbeƒã le Egipte,

mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis

kple Tapanhes hã.

‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo

elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’

15Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba?

Womate ŋu anɔ te o,

elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi.

16Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi.

Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ,

le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’

17Afi ma woado ɣli le be,

‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola;

eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ”

18Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:

“Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo dome

kple Karmel le atsiaƒu to ene.

19Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi,

mi ame siwo le Egipte,

elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudu

be ame manɔ eme o.

20“Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene

gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge.

21Asrafo siwo wotsɔ aʋae la

le abe nyivi damiwo ene.

Woawo hã atrɔ megbe asi adzo,

womate ŋu anɔ te o,

elabena woƒe gbegblẽ gbɔna

eye woƒe tohegbe va ɖo.

22Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la,

Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene,

woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsu

siwo lãa ati ene.

23Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la,

woalã wo akɔ ɖi.

Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo

eye womate ŋu axlẽ wo o.

Yehowae gblɔe.

24Woado ŋukpe Egipte vinyɔnu

eye woatsɔe ade asi na ame siwo le anyiehe.”

25Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi. 26Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia Nebukadnezar kple eŋutime siwo le woƒe agbe yome tim. Gake emegbe la, amewo aganɔ Egiptenyigba dzi abe tsã ƒe ɣeyiɣiwo me ene.” Yehowae gblɔe.

27“O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o;

O Israel, wò mo megatsi dãa o.

Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi

kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi

woɖe aboyo wo ɖo ɖo la.

Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me

eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o.

28Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob,

elabena meli kpli wò.

Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me

mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la,

nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o.

Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi;

Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El juicio sobre Egipto y la Batalla de Carquemis

  • Jeremías fecha esta profecía en el cuarto año del rey Joacim de Judá, cuando Nabucodonosor de Babilonia derrotó al faraón Necao de Egipto en Carquemis, junto al río Éufrates. Este enfrentamiento decisivo marcó un cambio trascendental de poder en la región, poniendo fin al dominio egipcio sobre las tierras vecinas.Fuentes: el propio texto bíblico · Carchemish · Jehoiakim
  • El capítulo utiliza la crecida anual del río Nilo como imagen del orgulloso avance militar de Egipto sobre la tierra. También advierte a destacadas ciudades egipcias como Menfis (llamada Nof en hebreo), la antigua capital del Bajo Egipto, sobre la devastación y el exilio venideros.Fuentes: el propio texto bíblico · Nile · Memphis
  • La profecía predice una invasión babilónica directa contra Egipto bajo el mando de Nabucodonosor. El juicio anunciado se dirigía no solo contra el faraón y sus tropas, sino también contra Amón, la deidad principal de Tebas, y los demás dioses de Egipto.Fuentes: el propio texto bíblico · Nebuchadnezzar

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 2, 13, 18, 26
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 8, 9, 11, 13, 14, 17, 18, 19, 20, 21, 22, 23, 24, 25, 26
  • Euphrates · Hoy: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículos 2, 6, 10
  • Nile · Hoy: Nile River · 31.465, 30.367 · versículos 7, 8
  • Cush · Hoy: Cush 1 · 16.935, 33.751 · versículo 9
  • Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 11
  • Memphis · 29.849, 31.253 · versículos 14, 19
  • Tahpanhes · Hoy: Tell Defenneh · 30.861, 32.171 · versículo 14
  • Mount Carmel · 32.672, 35.023 · versículo 18
  • Mount Tabor · Hoy: Jebel et Tur · 32.686, 35.393 · versículo 18
  • Thebes · 25.721, 32.610 · versículo 25

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.