Nations Bible

Jeremías 44

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Gbegblẽ le Yudatɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ ta

1Nya sia va na Yeremia tso Yudatɔ siwo katã le Egipte ƒe anyigbe, le Migdol, Tapanhes, Memfis kple Egipte ƒe dzigbe be, 2“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o, 3ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o. 4Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’ 5Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o, 6eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene.

7“Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o? 8Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome. 9Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea? 10Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o.

11“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã. 12Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu. 13Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene. 14Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.”

15Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena, 16“Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o! 17Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o. 18Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.”

19Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?”

20Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be, 21“Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa? 22Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene. 23Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.”

24Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya. 25Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’

“Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi! 26Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o, 27elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ. 28Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’

29“Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’ 30Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’ ”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La advertencia de Jeremías a los judíos en Egipto

  • Los refugiados de Judá se habían establecido por todo Egipto, desde lugares en el norte como Migdol, Tafnes y Menfis en el Bajo Egipto, hasta la región austral de Patros en el Alto Egipto.Fuentes: el propio texto bíblico · Pathros · Memphis · Migdol
  • La asamblea reunida rechazó con firmeza la advertencia de Jeremías e insistió en quemar incienso y hacer tortas con la figura de la Reina del Cielo, asegurando que vivían en prosperidad en Jerusalén cuando cumplían tales ritos.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Como señal del castigo venidero, Jeremías profetizó que el faraón Hofra de Egipto sería entregado en manos de sus enemigos, del mismo modo que el rey Sedequías de Judá había sido entregado a Nabucodonosor de Babilonia.Fuentes: el propio texto bíblico · Zedekiah · Nebuchadnezzar

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 1, 8, 12, 13, 14, 15, 24, 26, 27, 28, 30
  • Memphis · 29.849, 31.253 · versículo 1
  • Pathros · Hoy: Upper Egypt · 24.100, 32.700 · versículos 1, 15
  • Tahpanhes · Hoy: Tell Defenneh · 30.861, 32.171 · versículo 1
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 5, 6, 9, 13, 17, 21
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 30

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.