Jeremías 31
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.”
2Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ame siwo metsi yi nu o
la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo,
mava ana dzudzɔ Israel.”
3Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be,
“Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ,
metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti.
4O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
magaɖo wò te eye nànɔ te.
Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒe
kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.
5Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene;
agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse.
6Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli
tso Efraim togbɛwo dzi be,
‘Miva ne miayi Zion,
ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’ ”
7Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob,
mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu.
Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be,
‘O Yehowa, ɖe wò amewo,
ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’
8Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ
eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome;
ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ.
9Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa
ne mekplɔ wo gbɔnae.
Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o,
ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo
eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam.
10“O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya,
miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me.
Ame si kaka Israel gbẽe la,
agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ
eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene!
11Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle,
eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me.
12Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi.
Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye,
bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti.
Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene
eye womagaxa nu azɔ o.
13Emegbe la, ɖetugbiwo,
ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa
aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ.
Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ
eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe.
14Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo
eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã
kple nye nu nyui geɖe.”
Yehowae gblɔe.
15Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama,
Rahel le avi fam ɖe viawo ta
eye wògbe be womegafa akɔ na ye o,
elabena viawo megali o.”
16Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o,
kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o,
elabena fetu li na dɔ si nèwɔ,
woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.”
Yehowae gblɔe.
17Yehowa be,
“Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna.
Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
Yehowae gblɔe.
18“Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be:
‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene
eye mexɔ tohehe la.
Gaɖom te eye matrɔ agbɔ
elabena wòe nye Yehowa nye Mawu.
19Esi metra mɔ la,
evem,
metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la,
meƒo akɔta.
Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa
elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’
20Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃,
vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa?
Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la,
nye ŋkuwo gale eŋuti ko.
Eya ta nye dzi le eyome ɖaa
eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,”
Yehowae gblɔe.
21“Mitu dzesidetiwo
kple mɔfiatiwo ɖe mɔto.
Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu,
mɔ si dzi nèto to eŋu.
O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me.
22O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla,
wò vinyɔnu mawɔnuteƒe?
Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi,
nyɔnu aʋli ŋutsu ta.”
23Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’ 24Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa. 25Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.”
26Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ.
27Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me. 28Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe. 29“Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o.
30Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.”
Nubabla yeye
31Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna
esi mabla nu yeye
kple Israel ƒe aƒe
kple Yuda ƒe aƒe.
32Manɔ abe nu si mebla
kple wo fofowo ene
esi melé woƒe alɔnu be
makplɔ wo do goe le Egipte la ene o.
Elabena wotu nye nubabla
la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,”
Yehowae gblɔe.
33“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la
le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe.
“Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me
eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti.
Manye woƒe Mawu,
eye woanye nye dukɔ.
34Ame aɖeke magafia nu ehavi
alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o,
elabena wo katã woadze sim
tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,”
Yehowae gblɔe.
“Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo
eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.
35Ale Yehowa gblɔe nye esi,
ame si ɖoe na ɣe
be wòaklẽ le ŋkeke me,
ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo
be woaklẽ le zã me,
ame si blu atsiaƒu
be eƒe tsotsoewo nadze agbo,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
36Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la,
eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo
maganye dukɔ le gbɔnye o.”
37Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ne woate ŋu adzidze dziƒo
eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la,
eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ
le nu siwo katã wowɔ la ta.”
Yehowae gblɔe.
38Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu. 39Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa. 40Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”
¿Sabías que…?
Restauración y el Nuevo Pacto
- En Jeremías 31:15, Raquel, la madre ancestral de José y Benjamín cuya tumba está cerca de Belén, es retratada llorando en Ramá por sus hijos perdidos. Ramá era una ciudad en Benjamín donde los cautivos de Jerusalén, incluido el propio Jeremías, fueron reunidos tras la conquista babilónica.Fuentes: el propio texto bíblico · Rachel · Ramah
- Aunque Efraín era el hijo menor de José, recibió la bendición principal de la mano derecha de su abuelo Jacob. En este capítulo, Dios se refiere con ternura a Efraín como su primogénito y un hijo querido, prometiendo misericordia y el regreso del pueblo disperso.Fuentes: el propio texto bíblico · Ephraim · Jacob (Israel)
- Este capítulo presenta la promesa de un nuevo pacto, en contraste con la alianza hecha cuando Dios sacó a los antepasados de la tierra de Egipto. En lugar de una simple instrucción externa, este pacto describe a Dios poniendo su ley directamente en la mente e inscribiéndola en sus corazones.Fuentes: el propio texto bíblico · Egypt
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículo 5
- Mount Ephraim · 31.923, 35.241 · versículo 6
- Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 6, 12
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 23, 38
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 32
- Corner Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 38
- Tower of Hananel · Hoy: Antonia Fortress · 31.780, 35.234 · versículo 38
- Gareb · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39
- Goah · Hoy: within 8 km of Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 39
- Horse Gate · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 40
- Kidron · Hoy: Kidron River · 31.780, 35.240 · versículo 40
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org