Nations Bible

Jeremías 19

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

1Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi, 2ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò. 3Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ. 4Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo. 5Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o. 6Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime.

7“ ‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo. 8Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta. 9Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’

10“Emegbe, gbã ze la le ame siwo nèkplɔ ɖe asi la ŋkume, 11eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o. 12Yehowa be, aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo katãe. Mawɔ du sia abe Tofet ene. 13Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’ ”

14Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena, 15“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’ ”

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La vasija rota y el valle de Ben-hinom

  • Dios ordenó a Jeremías que guiara a ancianos y sacerdotes por la Puerta de los Tiestos—que conducía hacia el campo del alfarero—al valle de Ben-hinom, también conocido como Tofet. Allí, el pueblo de Judá había ofrecido sacrificios de niños y edificado lugares altos a Baal, por lo que Dios declaró que el lugar pasaría a llamarse Valle de la Matanza.Fuentes: el propio texto bíblico · East Gate · Baal
  • Jeremías realizó un acto profético al romper una vasija de barro ante los líderes que lo acompañaban. Esta destrucción irreparable sirvió como símbolo visual de que Jerusalén y sus casas serían quebrantadas sin remedio debido a sus prácticas idólatras, incluida la quema de incienso a otros dioses en las azoteas.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Valley of Hinnom · Hoy: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · versículos 2, 6
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 3, 7, 8, 11, 13
  • Topheth · Hoy: in the Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · versículos 6, 11, 12, 13, 14

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.