Jeremías 13
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Aklala biɖibiɖi ƒe alidziblanu
1Ale Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàƒle alidziblanu si wowɔ kple aklala biɖibiɖi, eye nàtsɔe abla wò ali dzi. Ke mègana wòade tsi me o.” 2Ale meƒle alidziblanu la abe ale si Yehowa gblɔ nam ene, eye metsɔe bla nye ali dzi.
3Tete Yehowa ƒe nya va nam zi evelia be, 4“Tsɔ alidziblanu si nèƒle tsɔ bla ali dzi la, nàyi ɖe Frat azɔ eye nàɣlae ɖe kpetome le afi ma.” 5Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat abe ale si Yehowa gblɔ nam ene.
6Le ŋkeke geɖewo megbe la, Yehowa gblɔ nam be, “Yi ɖe Frat azɔ nàɖatsɔ alidziblanu si megblɔ na wò be nàɣla ɖe afi ma.” 7Ale meyi ɖe Frat ɖaku alidziblanu la le teƒe si meɣlae ɖo. Ke azɔ la mekpɔ be enyunyɔ eye ŋudɔwɔnu aɖeke megale eŋu o.
8Yehowa ƒe gbe va nam be, 9“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Alea kee magblẽ Yuda ƒe dada kple Yerusalem ƒe dada gã la mee. 10Ame vɔ̃ɖi siawo, esi wogbe nye gbe sese hedze woƒe dziwo ƒe aglãdzedze yome eye woti mawu bubuwo yome be yewoasubɔ wo, ade ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia si ŋu wɔna aɖeke megale o la ene.’ 11Yehowa be, ‘Elabena, abe ale si alidziblanu nɔa ali dzii na ŋutsu ene la, nenema mebla Israel ƒe aƒe la katã kple Yuda ƒe aƒe la katãe ɖe ɖokuinye ŋu be woanye nye dukɔ, nye bubu, nye kafukafu kple nye atsyɔ̃ gake wogbe toɖoɖo.’
Lãgbalẽwaingoewo
12“Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la, 13ekema gblɔ na wo be, aleae Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ ahamumu ayɔ ame siwo katã le anyigba la dzi mee fũu, fia siwo nɔ David ƒe fiazikpui dzi la hã anɔ eme hekpe ɖe nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le Yerusalem ŋuti. 14Yehowa be, matsɔ wo axlã ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa, nyemana be nublanuikpɔkpɔ, amenuveve alo dɔmetɔtrɔ nawɔe be magbe wo tsɔtsrɔ̃ o.’ ”
Aboyomeyiyi ƒe ŋɔdzidodo
15Misee, miƒu to anyi,
migado mia ɖokui ɖe dzi o,
elabena Yehowae ƒo nu.
16Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa,
miaƒe Mawu la hafi wòahe viviti vɛ,
hafi miaƒe afɔwo nanɔ nu klim
le togbɛ dovivitiwo dzi.
Miele mɔ kpɔm na kekeli,
ke ana wòazu viviti tsiɖitsiɖi
eye wòatrɔe wòazu blanuiléle ƒe blukɔ.
17Ke ne mieɖo to o la,
mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta.
Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado
le mo nam blobloblo
elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la.
18Gblɔ na fia la kple fiasrɔ̃ la be,
“Miɖi le miaƒe fiazikpuiwo dzi
elabena miaƒe atsyɔ̃fiakukuwo age le ta na mi.”
19Woatu du siwo le gbegbe la ƒe agbowo
eye ame aɖeke meli si aʋu wo o.
Woaɖe aboyo Yudatɔwo katã
eye woakplɔ wo adzoe.
20Mifɔ mo dzi ne miakpɔ
ame siwo gbɔna tso anyiehe.
Afi ka alẽha si wotsɔ de asi na mi la le,
alẽha si dzi miedana ɖo?
21Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be
woanye xɔ̃wòwo la ɖo tatɔwo na wò?
Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa?
22Ne èbia ɖokuiwò be,
“Nu ka ta nu sia dzɔ ɖe dzinye hã la
le wò nu vɔ̃ gbogboawo ta wovuvu avɔ
le ŋuwò eye wowɔ fu wò ŋutilã ɖo?
23Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ
alo lãkle natrɔ agbalẽ ŋɔtaŋɔta si le eŋutia?
Nenema kee mi ame siwo vɔ̃wɔwɔ ma la,
miate ŋu awɔ nyui o.”
24Yehowa be, “Makaka mi ahlẽ
abe ale si dzogbeya lɔa tsro ɖe nu ene.
25Esiae nye tɔwò kple wò gomekpɔkpɔ
si meɖo ɖi na wò,
elabena ègblẽm ɖi hedze aʋatsomawuwo yome.
26Maɖe avɔ le ŋuwò atsɔ atsyɔ mo na
wò be woakpɔ wò ŋukpeƒe,
27wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo
kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe!
Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo
le togbɛwo dzi kple baliwo me.
Oo, Yerusalem, babaa na wò.
Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”

¿Sabías que…?
El cinto de lino arruinado y la amenaza del exilio
- Se le ordena a Jeremías esconder un cinto de lino nuevo en la hendidura de una roca en Perat, el nombre hebreo del río Éufrates. Al recuperarlo muchos días después, la tela podrida e inservible sirvió como símbolo dramático de cómo Dios arruinaría el orgullo de Judá y de Jerusalén.Fuentes: el propio texto bíblico · Euphrates
- La profecía advierte que el desastre alcanzaría incluso a las ciudades del Neguev, la región árida que formaba la frontera sur de Judá en la ruta hacia Egipto. El cierre de estas ciudades sureñas indicaba que las vías de escape estaban cortadas y que se aproximaba el exilio total.Fuentes: el propio texto bíblico · Negeb
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Euphrates · Hoy: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículos 4, 5, 6, 7
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 9, 13, 20, 27
- Negeb · 31.245, 34.841 · versículo 19
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org