Jeremías 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Mawu kple legbawo
1Mise nya si gblɔm Yehowa le na mi, O Israel ƒe aƒe 2Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o.
Togbɔ be ŋɔdzi léa dukɔwo le dzesi
siwo dona ɖe dziŋgɔli ŋuti hã la,
womegado ŋɔdzi na miawo ya o.
3Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka.
Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu.
4Wotsɔa klosalo kple sika fana ɖe eŋuti.
5Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o.
Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la
le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene.
Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o.
Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi
alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”
6O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o;
èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ.
7Ame kae li si agbe wò bubu,
O dukɔwo ƒe Fia?
Elabena esiae nye tɔwò gome.
Nunyala siwo le dukɔwo
kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.
8Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo.
Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o
lae nye woƒe nufiala.
9Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis
eye wotsɔa sika tsoa Ufaz.
Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala
kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo.
10Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu,
eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ.
Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna
eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe
eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.
11“Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’ ”
12Ke Mawue wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ;
eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me,
eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.
13Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe
eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke.
Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa
eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
14Amegbetɔwo katã nye movitɔwo
eye nunya mele tagbɔ na wo o.
Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ.
Eƒe legbawo nye beble
elabena agbe mele wo me o.
15Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye,
ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
16Ke ame si nye Yakob ƒe gome la,
mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla
kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Gbegblẽ si gbɔna
17Miƒo miaƒe nunɔamesiwo nu ƒu
ne miadzo le anyigba la dzi,
mi ame siwo aʋa xa aƒe na.
18Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Le ɣeyiɣi sia me la,
matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe.
Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.”
19Baba nam le abi si mexɔ la ta.
Nye abi la nye abi makumaku!
Gake megblɔ na ɖokuinye be,
“Esia nye nye dɔléle eya ta ele nam be manɔ te ɖe enu.”
20Wogbã nye agbadɔ eye wolã eƒe kawo.
Vinye ŋutsuwo dzo eye womegali o.
Ame aɖeke mesusɔ si atu nye agbadɔ nam
alo akpe ɖe ŋunye awɔ gbɔɖemeƒe nam o.
21Alẽkplɔlawo nye movitɔwo
eye womebiaa Yehowa ta sena o,
eya ta nu medzea edzi na wo o.
Ale woƒe alẽhawo hã kaka.
22Ƒu to anyi, ɣli aɖe ɖi, ƒu to anyi, egbɔna,
hoowɔwɔ gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna!
Awɔ Yuda duwo woazu aƒedo
kple nɔƒe na amegaxiwo.
Yeremia ƒe gbedodoɖa
23O Yehowa, menya be amegbetɔ
ƒe agbe menye eya ŋutɔ tɔ o
eye menye amegbetɔ ƒe dɔ wònye be
wòalé eƒe mɔ atsɔ o.
24Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui,
menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la,
àwɔm mazu nu maɖinu.
25Trɔ wò dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o
kple ame siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.
Elabena wovuvu Yakob, wovuvui keŋkeŋ, eye wogblẽ eƒe nɔƒe.

¿Sabías que…?
El Dios vivo y la futilidad de los ídolos
- Jeremías señala que los artesanos adornaban ídolos de madera con plata martillada traída de Tarsis —a menudo identificada con un puerto fenicio en España— y oro de Ufaz, un lugar que algunos asocian con Ofir.Fuentes: el propio texto bíblico · Tarshish · Uphaz
- El profeta compara las imágenes talladas con espantapájaros en un campo de pepinos, subrayando que no pueden hablar, deben ser transportadas porque no caminan y se aseguran con martillo y clavos para no tambalearse.Fuentes: el propio texto bíblico
- Junto con las advertencias contra la idolatría, Jeremías ordena a los habitantes asediados de Judá que recojan sus pertenencias, anunciando una conmoción destructiva desde el norte que dejará las ciudades desoladas.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 17
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org