Jueces 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Gideon lé Zeba kple Zalmuna
1Efraim ƒe towo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe Gideon ŋu, wobiae be, “Nu ka ta mèɖo du ɖe mí enumake esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu o?”
2Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa? 3Mawu na mielé Oreb kple Zeb, Midiantɔwo ƒe aʋafiawo! Nu kae mewɔ si woatsɔ asɔ kple nu gã si miawo miewɔ?” Gideon ƒe nya siawo na Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlawo ƒe dzi fa.
4Gideon tso Yɔdan tɔsisi la azɔ kple eƒe aʋawɔla alafa etɔ̃awo (300). Ɖeɖi te wo ŋu gake woganɔ futɔwo nyam kokoko. 5Esi wova ɖo Sukɔt la, Gideon gblɔ na Sukɔt ƒe amewo be ɖeɖi te yewo ŋu le Midian fiawo, Zeba kple Zalmuna nyanya me eya ta woana nuɖuɖu yewo.
6Ke Sukɔt ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be “Ɖe miaƒe asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxoa? Ne míena nuɖuɖu mi eye miete ŋu lé wo o la, woatrɔ ava wu mí.”
7Gideon gblɔ na wo be, “Ne Aƒetɔ la tsɔ wo de asi nam la, ekema matrɔ ava eye matsɔ aŋɔka ƒe ŋuwo adze ŋuti na mi.”
8Ale Gideon tso eme yi ɖabia nuɖuɖu le Penuel eye woawo hã gblɔ abe Sukɔt ƒe amewo ke ene. 9Gideon gagblɔ na woawo hã be, “Ne aʋa siawo wɔwɔ nu tso la, matrɔ ava eye magbã mɔ sia aƒu anyi.”
10Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ (15,000) va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) xoxo. 11Gideon trɔ azɔ to asimɔ si to Noba kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe eye wòdze Midiantɔwo ƒe aʋakɔ dzi esi womenɔ mɔ kpɔm na wo kura o. 12Fia eveawo si gake Gideon kplɔ wo ɖo va se ɖe esime wòlé wo eye wòtsrɔ̃ aʋakɔ blibo la. 13Le esia megbe la, Gideon to mɔ si to Heres mɔ la gbɔ hetrɔ gbɔ. 14Elé ɖekakpui aɖe tso Sukɔt eye wòzi edzi be wòaŋlɔ Sukɔt ƒe kplɔlawo kple mawunua blaadre-vɔ-adreawo ŋkɔ na ye.
15Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.”
16Tete wòlé dumemetsitsiawo eye wòtsɔ aŋɔkawo kple ŋuwo fia nunya woe. 17Emegbe la, Gideon yi Penuel hã, gbã mɔ la ƒu anyi eye wòwu ŋutsuwo katã le dua me.
18Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?”
Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.”
19Gideon do ɣli be, “Nɔvinyewo kokoko woanye! Meka atam be, ne menye ɖe miewu wo o la, anye ne nyemawu mi o.”
20Azɔ Gideon ɖe gbe na Via ŋutsu tsitsitɔ, Yeter, be wòawu wo. Ke Yeter metsi o eya ta enɔ vɔvɔ̃m be yeawu wo.
21Zeba kple Zalmuna gblɔ na Gideon be, “Wò ŋutɔ wu mí elabena ŋutsue wɔa ŋutsu ƒe dɔ!” Ale Gideon wu wo eye wòɖe kɔgɛwo le kɔ na woƒe kposɔwo.
Gideon gbe fiaɖuɖu
22Israelviwo gblɔ na Gideon be, “Ɖu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo elabena èɖe mí tso Midiantɔwo ƒe asi me.”
23Ke Gideon ɖo eŋu na wo be, “Nye ŋutɔ loo alo vinye ŋutsu aɖeke maɖu fia ɖe mia dzi o. Yehowa aɖu fia ɖe mia dzi.” 24Egblɔ na wo be, “Nu ɖeka le asinye, mabia mi, eyae nye be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ sikatogɛ ɖeka nam le eƒe afunyinuawo dome.” Enye Ismaeltɔwo ƒe kɔnu be woade sikatogɛwo.
25Woɖo eŋu be, “Míana wo kple dzidzɔ.” Ale woɖo avɔ ɖe anyigba eye wo dometɔ ɖe sia ɖe da sikatogɛ si nɔ eƒe afunyinuwo me la ɖe edzi. 26Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o. 27Gideon tsɔ sika la wɔ kɔmewu eye wòtsɔe da ɖe Ofra, si nye wo dedu la me. Israel katã de asi awu la subɔsubɔ me le afi ma eye wòva zu mɔ na Gideon kple eƒe ƒome la.
Gideon ƒe ku
28Ale Israelviwo bɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Ale ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaene sɔŋ le Gideon ƒe agbenɔɣi. 29Yerubaal, Yoas ƒe vi, trɔ yi ɖanɔ wo de. 30Viŋutsu blaadre nɔ esi elabena eɖe srɔ̃ geɖewo. 31Ahiãvi aɖe hã nɔ esi le Sekem, ame si ha dzi ŋutsu aɖe nɛ, si wòna ŋkɔe be Abimelek. 32Gideon, Yoas ƒe vi, tsi, zu amegãɖeɖi aɖe hafi ku. Woɖii ɖe fofoa, Yoas ƒe yɔdo me le Ofra le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi.
33Esi Gideon ku teti ko la, Israelviwo gadze Baalwo yome. Woli Baal Berit anyi abe woƒe mawu ene eye 34Israelviwo meɖo ŋku Yehowa, woƒe Mawu, ame si ɖe wo tso futɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe asiwo me dzi o. 35Nenema ke wogbe dɔmenyowɔwɔ na Yerubaal, ame si tso Gideon ƒe ƒome la me togbɔ be Gideon wɔ nu nyui geɖewo na wo hã.

¿Sabías que…?
La persecución de Madián y los últimos años de Gedeón
- Cuando la tribu de Efraín protestó con violencia por no haber sido llamada antes a la batalla, Gedeón calmó la disputa con una metáfora diplomática. Comparó los 'rebuscos de Efraín'—la captura de los príncipes madianitas Oreb y Zeeb—favorablemente frente a toda la 'vendimia' de su propio clan, Abiezer.Fuentes: el propio texto bíblico · Gideon · Abiezer · Oreb
- Las ciudades de Sucot y Penuel, ubicadas al este del río Jordán, se negaron a dar alimento a los trescientos hombres exhaustos de Gedeón. Por temor a represalias si los reyes madianitas Zeba y Zalmuna prevalecían, sus líderes retuvieron la ayuda, lo que provocó que Gedeón castigara severamente a ambas poblaciones tras su victoria.Fuentes: el propio texto bíblico · Succoth · Penuel · Zebah
- Aunque Gedeón rechazó la propuesta de una monarquía dinástica sobre Israel afirmando que solo Dios debía reinar, solicitó los pendientes de oro tomados del botín de los invasores. Con este oro elaboró un efod para su ciudad natal de Ofra, el cual terminó convirtiéndose en un lazo de idolatría para Israel.Fuentes: el propio texto bíblico · Ophrah · Gideon
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Midian · 28.495, 35.012 · versículos 1, 3, 5, 12, 22, 26, 28
- Abiezer · Hoy: about 15 km around Afula · 32.606, 35.290 · versículo 2
- Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 4
- East · Hoy: region around Amman · 31.955, 35.934 · versículo 10
- Mount Tabor · Hoy: Jebel et Tur · 32.686, 35.393 · versículo 18
- Shechem · Hoy: Tell Balatah · 32.214, 35.282 · versículo 31
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org