Nations Bible

Jueces 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Debora ƒe hadzidzi

1Debora kple Barak, Abinoam vi la, dzi ha sia tso woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ŋuti.

2“Mikafu Yehowa!

Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe.

Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe!

Ɛ̃, mikafu Yehowa!

3“Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo,

mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu,

tso Israel ƒe Mawu la ŋu.

4Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir

Heto Edom ƒe anyigba dzi la,

anyigba dzo nyanyanya,

dziƒo nu ʋu eye tsi dza.

5Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe

le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume!

6“Le Samgar, Anat ƒe vi kple Yael ƒe ɣeyiɣiawo me,

asitsalawo mezɔa mɔ ma dzi o.

Mɔzɔlawo wɔa axadzimɔ xaxɛ gɔdɔ̃ewo ŋu dɔ.

7Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo.

Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada.

8Esime Israel dze mawu bubuwo yome la,

futɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu.

Míaƒe kplɔlawo mena akpoxɔnu alo akplɔ mí o

womekpɔ aʋawɔnu aɖeke kura

le Israelvi akpe blaene dome o!

9Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta,

ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa!

Mikafu Yehowa!

10“Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa,

hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo

ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi

kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa,

mikpe ta, miakafui.

11Hadzila siwo le kɔƒewo me,

ƒoa ƒu ɖe kɔƒea ƒe vudo gbɔ

dzia ha tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋuti.

Wodzia ha enuenu

tso ale si Yehowa ɖe Israel

kple aʋawɔla siwo nye agbledelawo ŋu!

Yehowa ƒe amewo zɔ to agbo la me!

12Oo, Debora, nyɔ eye nàdzi ha!

Oo, Barak, tsi tsitre!

Oo, Abinoam ƒe vi, kplɔ wò aʋaléleawo dzoe!

13“Tete nuteƒewɔlawo va woƒe kplɔlawo gbɔ;

Yehowa ƒe amewo va hena aʋawɔwɔ.

14Wotso Efraimnyigba dzi va balimea

le Benyamin ƒe viwo megbe.

Aʋakplɔlawo va tso Makir

aʋalɔgonunɔlawo va tso Zebulon

15Isaka ƒe fiaviwo, Debora kple Barak,

ɖiɖi ɖe balime la

le Mawu ƒe ɖoɖo nu.

Ke Ruben ƒe viwo ya meyi o.

16Nu ka ta mietsi aƒe le miaƒe alẽkplɔlawo gbɔ

be miaɖo to alẽkplɔlawo woanɔ woƒe dzewo kum?

Mama ɖo Ruben ƒe viwo dome:

ɖe woayia? Ɖe woagbe yiyia?

17Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo

Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ?

Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta

dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo?

18Ke Zebulon ƒe viwo kple Naftali ƒe viwo

tsɔ wo ɖokui ke le aʋagbedzi.

19Kanaan fiawo wɔ aʋa

le Taanak kple Megido vudowo gbɔ,

ke womeɖu futɔwo dzi o.

20Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo

wɔ aʋa kple Sisera.

21Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo

kplɔ wo dzoe.

Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ!

22Se futɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔzi ɖa!

Kpɔ woƒe sɔwo ƒe duƒuƒu ɖa!

23Gblɔ be, ‘Miƒo fi de wo

elabena womeva kpe ɖe Yehowa ŋu

wɔ aʋa kple futɔwo o.’

24“Woayra Yael,

Heber, Kenitɔ la srɔ̃

woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te.

25Sisera bia tsii

eye wòna nyinotsii

eye wòtsɔ nyinotsi babla

ɖe gagbɛ si dze bubumewo la me vɛ nɛ.

26Edo eƒe asi ɖa

tsɔ tsyoti eye wòtsɔ eƒe nuɖusi

tsɔ dɔwɔlawo ƒe zu,

edae ɖe Sisera dzi

hegbã ta nɛ,

eŋɔ eye wògbã eƒe glãƒu

27Sisera dze anyi

ɖe Yael ƒe afɔ nu

etsi afi si wòdze anyi ɖo.

Emu, dze to ɖe eƒe afɔ nu,

afi si wòmu ɖo la,

afi mae wòdze anyi ɖo

eye afi mae wòku ɖo.

28“Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm

tso fesrenuvɔ la megbe

edo ɣli be,

‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o?

Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’

29Eƒe nyɔnu ɖeka si dze

nunya wu wo katã la,

ɖo eŋu nɛ, vavã,

enɔ gbɔgblɔm na eɖokui

ɣe sia ɣi be,

30‘Ɖe menye afunyinu

geɖe lɔm wole hele mamam

nyɔnuvi ɖeka alo eve

na ŋutsu ɖe sia ɖe,

atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera

abe nuhaha ene,

atsyɔ̃ɖowu siwo to

wolɔ̃ nu ɖo,

wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie

be woadze kɔme nam

eye esiawo katã nanye

nuhaha oa?’

31“Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema

ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la,

na be woanɔ abe ɣe ene

ne edze le eƒe ŋusẽ me!”

Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El Cántico de Débora y Barac

  • El cántico poético de victoria resalta las variadas respuestas de las tribus israelitas ante la crisis. Mientras grupos como Zabulón, Neftalí e Isacar arriesgaron sus vidas en la batalla, otros como Rubén, Dan, Aser y los habitantes de Galaad se quedaron entre sus rebaños, barcos y puertos costeros.Fuentes: el propio texto bíblico · Zebulun · Gilead
  • El enfrentamiento decisivo ocurrió cerca de Taanac, junto a las aguas de Meguido, un sector en la llanura de Jezreel donde el torrente crecido del río Cisón arrastró a las fuerzas enemigas.Fuentes: el propio texto bíblico · Taanach · Barak
  • El poema establece un vívido contraste literario entre dos mujeres: Jael, la cenea moradora de tiendas que abatió al comandante Sísara, y la madre aristocrática de Sísara, quien aguardaba tras la celosía de su ventana esperando botín y a un hijo que nunca regresaría.Fuentes: el propio texto bíblico · Jael · Sisera (army captain)

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Edom · 30.746, 35.604 · versículo 4
  • Mount Tabor · Hoy: Jebel et Tur · 32.686, 35.393 · versículo 13
  • Amalek · 30.648, 34.422 · versículo 14
  • Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 17
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 17
  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 19
  • Megiddo · Hoy: Tel Megiddo · 32.585, 35.184 · versículo 19
  • Taanach · Hoy: Tell Ta’anakh · 32.522, 35.219 · versículo 19

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.