Nations Bible

Jueces 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Woɖe srɔ̃ na Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo

1Israel ƒe kplɔlawo ka atam na Yehowa le Mizpa be yewomatsɔ yewoƒe ɖetugbiwo ana Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo woaɖe gbeɖegbeɖe o. 2Azɔ la, Israelviwo ƒe kplɔlawo kpe ta le Betel eye wofa avi na Mawu vevie va se ɖe fiẽ.

3Wofa avi gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ta wòva eme be míaƒe towo dometɔ ɖeka le bubum le mía dome?”

4Woɖi vɔsamlekpui aɖe le gbe ma gbe ƒe ŋdi kanya eye wosa akpedavɔ le edzi. 5Wogblɔ na wo nɔewo be, “Ɖe Israel ƒe to aɖe li si meva takpekpe si míewɔ le Yehowa ŋkume le Mizpa oa?” Wobia nya sia elabena woka atam ɖe edzi do ŋgɔ be ame si agbe vava la aku kokoko. 6Israelviwo katã fa konyi le ale si Benyamin ƒe to la tsrɔ̃ le wo dome la ta eye wogblɔ be, “Israel ƒe to blibo ɖeka tsrɔ̃ le mía dome. 7Afi ka míakpɔ nyɔnuwo le na ŋutsu ʋɛ siwo tsi agbe esi míetsɔ Yehowa ka atam be míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na woƒe ɖekakpuiwo woaɖe o?”

8Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o. 9Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔe be Yabes Gileadtɔ aɖeke menɔ afi ma o. 10Ale woɖe gbe na aʋawɔla kalẽtɔ akpe wuieve (12,000) be, “Miyi miawu amewo le Yabes Gilead. 11Miwu ŋutsuwo katã kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ.” 12Wokpɔ ɖetugbi alafa ene siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o la le ame siwo nɔ Yabes Gilead la dome eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo, le Kanaanyigba dzi.

13Israelvi bubuawo ɖo ame ɖe Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo tsi agbe eye wole Rimon kpe la gbɔ. 14Wotsɔ ɖetugbi alafa eneawo na wo woɖe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me. Ke ɖetugbiawo mede ŋutsuawo katã nu o. 15Nublanuinya gã aɖee wònye le Israel le ŋkeke mawo me elabena Yehowa de mama Israel ƒe toawo dome.

16Israelviwo ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Aleke míawɔ akpɔ srɔ̃ na ŋutsu bubuawo esi Benyamin ƒe to la ƒe nyɔnuwo katã ku? 17Ele be míato mɔ aɖe nu adi srɔ̃ na wo kokoko ale be, Israel ƒe to blibo ɖeka mabu gbidii o. 18Ke míate ŋu atsɔ míawo ŋutɔ ƒe vinyɔnuwo na wo o elabena mí Israelviwo míeka atam be, Yehowa ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ nu sia la dzi.”

19Ke ame aɖe ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkekenyui si woɖuna ƒe sia ƒe la dzi. Woɖua ŋkekenyui sia le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ si tso Betel yi Sekem ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kpakple Lebona ƒe dziehe la dzi.

20Wogblɔ na Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo mekpɔ srɔ̃ ɖe haɖe o la be, “Miyi miaɣla mia ɖokui ɖe waingblewo me 21eye ne Silo ɖetugbiwo va yina ɣeɖuƒe la, mialũ ɖe wo dzi, mialé wo sesẽ ayi miaƒe aƒewo me ne woazu mia srɔ̃wo! 22Ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va nya he ge ɖe mía ŋu la, míagblɔ na wo be, ‘Míeɖe kuku na mi; mise nu gɔme eye miaɖe mɔ woaɖe mia vinyɔnuwo elabena míekpɔ ɖetugbiwo na ŋutsuawo katã esi míetsrɔ̃ Yabes Gilead o. Nenye miawo ŋutɔe tsɔ mia vinyɔnuwo na wo la, eya ko hafi miaɖi fɔ.’ ”

23Ale Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo wɔ ɖe nya si wogblɔ na wo la dzi, wolé nyɔnuvi siwo va ŋkekenyui la ɖu ge, eye wokplɔ wo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Wogbugbɔ woƒe duwo tu eye wonɔ wo me. 24Israelvi bubuawo hã trɔ yi wo de. 25Le ɣe ma ɣiwo me la, fia aɖeke menɔ Israel si o, eye ame sia ame wɔa nu si dzea eŋu.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La preservación de la tribu de Benjamín

  • La asamblea de Israel se había reunido en Mizpa, un lugar elevado en Benjamín utilizado para convocatorias nacionales, donde juraron no dar sus hijas a los benjamitas ni perdonar a quien faltara a la reunión. Ante la casi extinción de Benjamín —reducido a solo seiscientos hombres en la peña de Rimón—, los líderes buscaron soluciones extremas para preservar a la tribu sin quebrantar formalmente su juramento.Fuentes: el propio texto bíblico · Mizpah · Rimmon
  • Para conseguir esposas para los sobrevivientes benjamitas, Israel atacó Jabes de Galaad, al este del Jordán, por no haber asistido a la asamblea, y perdonó a cuatrocientas jóvenes. Como aún faltaban mujeres, los ancianos permitieron que los demás benjamitas emboscaran y tomaran a jóvenes que danzaban en la fiesta anual del Señor en Silo, al norte de Betel.Fuentes: el propio texto bíblico · Jabesh-gilead · Shiloh · Bethel (of Palestine)

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 12
  • Shiloh · Hoy: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículos 12, 19, 21
  • Shechem · Hoy: Tell Balatah · 32.214, 35.282 · versículo 19

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.