Jueces 13
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ.
2Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o. 3Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi. 4Azɔ la, kpɔ egbɔ be mèno wain alo aha muame aɖeke o, eye màɖu naneke si ŋuti mekɔ o 5elabena àfɔ fu eye àdzi ŋutsuvi. Talũhɛ maka eƒe ta ŋu o, elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ, ame si woɖe ɖe aga na Mawu tso dadaa ƒe dɔ me, eye eyae adze Israelviwo ɖeɖe tso Filistitɔwo ƒe asi me gɔme.”
6Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o. 7Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ ”
8Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, “Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu mí tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu.” 9Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o 10eya ta nyɔnu la ƒu du sesĩe ɖagblɔ na srɔ̃a be, “Eyae nye ekem! Ŋutsu si va gbɔnye nyitsɔ la, eya kee gava.”
11Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
12Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?”
13Yehowa ƒe dɔla ɖo eŋu nɛ be, “Ele be srɔ̃wò nawɔ nu sia nu si megblɔ nɛ. 14Mele be wòaɖu waintsetse alo ano wain alo aha muame o eye mele be wòaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Ele be wòawɔ nu sia nu si ƒe se mede nɛ.”
15Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be, “Míadi be nànɔ mía gbɔ va se ɖe esime míalé gbɔ̃vi aɖe aɖa nui na wò.”
16Yehowa ƒe dɔla la ɖo eŋu be, “Togbɔ be mielém ɖi hã la, nyemaɖu miaƒe nuɖaɖa ƒe ɖeke o gake ne miedzra numevɔsa aɖe ɖo la, mitsɔe na Yehowa.” Manoa menya be Yehowa ƒe dɔlae wònye o.
17Manoa bia Yehowa ƒe dɔla la be “Wò ŋkɔ ɖe? Ale be ne wò nya la va eme la, ne míade bubu ŋuwò.”
18Eɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nèle nye ŋkɔ biam ɖo? Nye ŋkɔ ƒo gɔmesese ta.” 19Manoa lé gbɔ̃vi aɖe kpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu eye wòsa vɔ na Yehowa le agakpe aɖe dzi. Tete Yehowa wɔ nukunu aɖe le Manoa kple srɔ̃a ŋkume. 20Esi dzo ƒe aɖewo tso vɔsamlekpui la dzi ɖo ta dziŋgɔli me la, Yehowa ƒe dɔla la to dzo la me yi dziƒo. Esi Manoa kple srɔ̃a kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi. 21Esi Yehowa ƒe dɔla la megaɖe eɖokui fia Manoa kple srɔ̃a o la, Manoa kpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔlae.
22Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.”
23Ke srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Nenye ɖe Yehowa le mía wu ge la, anye ne maxɔ míaƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa o eye maɖe eɖokui afia mí, agblɔ nya wɔnuku sia na mí eye wòawɔ nukunu siawo o.”
24Esi wodzi ɖevia la, wona ŋkɔe be Samson. Mawu yrae eye wòtsi. 25Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome.

¿Sabías que…?
El nacimiento y la vocación de Sansón
- Sansón es la primera persona en las Escrituras descrita como nazareo desde el vientre materno. Aunque los votos según la ley de Moisés podían asumirse por un período temporal, el ángel ordenó que Sansón observara estas restricciones, entre ellas no consumir vino, evitar alimentos impuros y no cortarse el cabello, durante toda su vida.Fuentes: Samson · el propio texto bíblico
- El padre de Sansón, Manoa, pertenecía a la tribu de Dan y vivía en Zora, una ciudad en las colinas que dominaba el valle de Sorec. Junto con la vecina Estaol, Zora sirvió como un importante asentamiento danita durante un período de cuarenta años bajo el dominio de los filisteos.Fuentes: Manoah · Zorah · Eshtaol · el propio texto bíblico
- El capítulo concluye en Mahaneh-dan, nombre que significa el campamento de Dan, situado entre Zora y Estaol. Este sitio señala el lugar donde el Espíritu del Señor comenzó a manifestarse en Sansón durante su juventud.Fuentes: Mahaneh-dan · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org