Nations Bible

Santiago 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

1Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo dzi se ene la, migakpɔ ame ŋkume o. 2Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe ƒuƒoƒe, eye wòde sikasigɛ nyuitɔ, heta avɔ xɔasi, eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me. 3Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be, “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Nɔ anyigba le nye afɔ nu” la, 4ɖe miede vovototo ameawo me le mia dome, eye miezu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?

5Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã? 6Ke miawo la, miedoa vlo ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le mia bam oa? Alo menye woawo kee hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã? 7Ɖe menye woawoe le ɖi ƒom ame si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa?

8Ne mielé sedede si le mawunya me, esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” ɖe asi la, miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm. 9Ke ne miele ame ŋkume kpɔm la, miewɔ nu vɔ̃, eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.

Ameŋkumekpɔkpɔ meganɔ mia dome o

10Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi, 11elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la, eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala. 12Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe. 13Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.

14Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ be xɔse le ye si, evɔ la, dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea? 15Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. 16Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye? 17Nenema kee nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.

18Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me. 19Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li. Enyo, gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema, eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃.

20Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua? 21Ɖe womebu mía tɔgbui Abraham be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa? 22Edze ƒãa be xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me. 23Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” la dzi, eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃. 24Edze ƒãa be menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia nɛ o, ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe eŋu.

25Nenema ke, ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ, eye wòna woto mɔ bubu dzo oa? 26Ale si ŋutilã gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔmee hã nye nu kuku.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Imparcialidad y fe viva

  • Santiago recuerda que Abraham fue justificado al ofrecer a su hijo Isaac en el altar, su fe obrando junto con sus acciones y perfeccionada por lo que hizo. Isaac, el único hijo de Abraham con Sara, fue aquel a quien Dios mandó a Abraham ofrecer en sacrificio en un monte en la tierra de Moriah.Fuentes: el propio texto bíblico · Isaac
  • Santiago también cita a Rahab la prostituta, justificada por acoger a los espías y enviarlos por otro camino. Los dos espías, enviados por Josué mientras los hebreos estaban acampados en Sitim frente a Jericó, habían ido a su casa, enfrentaron peligro en la ciudad y fueron salvados por su fidelidad.Fuentes: el propio texto bíblico · Rahab

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.