Isaías 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Imanuel ƒe dzesi
1Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko.
2Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene.
3Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe. 4Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o. 5Siria, Efraim kple Remalia ƒe vi woɖo nugbe ɖe wò gbegblẽ ŋu be, 6“Mina míadze Yuda dzi; mina míavuvui, míamae ɖe mía ɖokuiwo dome, eye míatsɔ Tabel ƒe vi aɖo fiae ɖe enu.” 7Gake ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“ ‘Madze edzi o,
mava eme o,
8elabena Siria ƒe tae nye Damasko,
eye Damasko ƒe tae nye Rezin.
Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me,
woagbã Efraim gudugudu,
ale womaganɔ te o.
9Efraim ƒe tae nye Samaria,
eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu.
Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la,
ekema mianɔ te hã o.’ ”
10Yehowa gaƒo nu na Ahaz be, 11“Bia dzesi Yehowa, wò Mawu la. Eɖanye gogloƒe ke loo alo kɔkɔƒe ke o.”
12Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.”
13Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa? 14Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel. 15Ano nyinotsi babla kple anyitsi va se ɖe esime wòanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, 16gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe. 17Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.”
18Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi 19Woava adze ɖe bali globowo kple kpetowo me. Woava dze ɖe ŋuvewo kple tsiʋewo katã me. 20Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi. 21Gbe ma gbe la, nyivi ɖeka kple gbɔ̃ eve pɛ koe atsi ame ɖeka si. 22Ɖe nyinotsi gbogbo si wonana ta la, ame sia ame akpɔ nyinotsi babla aɖu. Ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la, aɖu nyinotsi kpekẽ la, eye woano anyitsi hã. 23Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka (1,000) la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma. 24Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi. 25Ke hena togbɛ siwo woŋlɔna kple kodzoe tsã la, miagate ŋu ayi afi mawo o, ɖe vɔvɔ̃ na ŋu kple aŋɔkawo ta, ke woava zu nyiwo kple alẽwo nyiƒe.

¿Sabías que…?
La señal de Emanuel y la amenaza a Judá
- Durante el reinado de Acaz en Judá, el rey Rezín de Siria y el rey Pécaj de Israel formaron una alianza para sitiar Jerusalén e imponer un nuevo gobernante. Isaías instó a Acaz a no temerles, describiendo a ambos reyes como simples cabos de tizón que humean.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahaz · Rezin · Pekah
- Isaías y su hijo Sear-jasub fueron enviados al encuentro de Acaz junto al acueducto del estanque superior, en el camino del Campo del Lavador. Ubicado al oeste de Jerusalén, este lugar abierto era utilizado para lavar y secar telas fuera de las murallas de la ciudad.Fuentes: el propio texto bíblico · Field · Isaiah
- Aunque Acaz buscó auxilio militar en Asiria contra sus vecinos del norte, Isaías advirtió que depender de imperios extranjeros terminaría trayendo la devastación asiria sobre la tierra de Judá.Fuentes: el propio texto bíblico · Ahaz
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 6
- Syria · Hoy: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 1, 2, 4, 5, 8
- Upper Pool · Hoy: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 3
- Damascus · 33.511, 36.306 · versículo 8
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículo 9
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 17, 18, 20
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 18
- Nile · Hoy: Nile River · 31.465, 30.367 · versículo 18
- Euphrates · Hoy: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 20
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org