Nations Bible

Isaías 37

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nyagblɔɖi tso Yerusalem ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti

1Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 2Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ. 3Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene. 4Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”

5Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, 6Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. 7Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ”

8Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.

9Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, 10“Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ 11Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya? 12Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa? 13Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?”

Hezekia ƒe gbedodoɖa

14Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume. 15Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be: 16“O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. 17O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.

18“O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe. 19Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe. 20Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”

Senakerib ƒe anyidzedze

21Yesaya, Amoz ƒe vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam tso Senakerib, Asiria fia ŋuti ta la, 22esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’

“Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o

la gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò.

Yerusalem vinyɔnu

ɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ.

23Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti?

Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo,

eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe?

Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!

24To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme

le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be,

‘Metsɔ nye tasiaɖamwo,

lia yi towo tame ke,

yi keke Lebanon tame ke.

Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple

eƒe avemeti nyuitɔwo,

meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si

eƒe ave dodowo le.

25Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi,

eye meno wo me tsi le afi ma.

Mena Egipte tɔʋuwo mie

le nye afɔ te.’

26“Mèsee do ŋgɔ oa?

Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke.

Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi;

ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu

woɖo gli sesẽwo

ɖo la zu anyiglago.

27Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si.

Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo.

Wole abe nukuwo le agble dzi ene,

nu miemie fɛ̃wo le bo dzi

kple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene.

Ŋdɔ sesẽ ɖu wo,

eye woyrɔ le esime wometsi o.

28“Ke menya afi si nèle.

Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna,

eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye.

29Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye,

eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la,

matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò,

made numega nu me na wò,

eye mana mɔ si nèto va

la nàgato eya ke dzi adzo.

30“O! Hezekia, esia anye dzesi na wò:

“Ƒe sia me la, àɖu nuku

si mie le eya ŋutɔ ɖokui si,

eye le ƒe evelia me la,

àɖu nu si mie tso gbãtɔ me.

Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu.

Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea

31Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe

aƒe la woato ke, eye woatse ku,

32elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome,

eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi,

Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie

ana esia nava eme.

33“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi,

“Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o.

Mava afi sia kple akpoxɔnu

alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.

34Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo.

Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.”

Yehowae gblɔe.

35“Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David,

nye dɔla ta!”

36Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ. 37Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma.

38Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

La oración de Ezequías y la liberación de Jerusalén

  • Cuando el rey Ezequías recibió la carta amenazante del rey asirio Senaquerib, subió al templo en Jerusalén y extendió el documento ante Dios en oración. En su plegaria señaló que los dioses de las naciones conquistadas habían caído por ser solo obras humanas de madera y piedra, a diferencia del Dios vivo.Fuentes: el propio texto bíblico · Hezekiah
  • El relato menciona a Tirhaca, rey de Cus, quien marchó para combatir a Senaquerib. En aquel periodo, Cus y Egipto se encontraban unificados bajo gobernantes etíopes, lo que constituía una fuerza militar en el sur que se oponía a la expansión asiria.Fuentes: Tirhakah · Cush · el propio texto bíblico
  • Tras el desastre que diezmó a su ejército frente a Jerusalén, Senaquerib se retiró a su capital en Nínive. Mientras adoraba en el templo de su dios Nisroc, sus propios hijos, Adramelec y Sarezer, lo asesinaron.Fuentes: el propio texto bíblico · Sennacherib · Adrammelech

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 4, 6, 8, 10, 11, 18, 21, 33, 37, 38
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 8, 9, 10, 22, 32, 33
  • Lachish · Hoy: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · versículo 8
  • Cush · Hoy: Cush 1 · 16.935, 33.751 · versículo 9
  • Eden · Hoy: Beth-eden · 36.701, 38.087 · versículo 12
  • Haran · Hoy: Harran · 36.864, 39.033 · versículo 12
  • Hamath · Hoy: Hama · 35.136, 36.750 · versículo 13
  • Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 22
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 24
  • Mount Carmel · 32.672, 35.023 · versículo 24
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 25
  • Mount Zion · 31.772, 35.229 · versículo 32
  • Nineveh · 36.359, 43.153 · versículo 37
  • Ararat · Hoy: Urartu · 39.703, 44.300 · versículo 38

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.