Isaías 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Yerusalem kple Yuda
1Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu
kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi.
Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono
siwo katã wònaa wo la dzi.
2Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo,
ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo,
afakalawo kple dumegãwo,
3ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo,
amegã bubuwo, aɖaŋudelawo,
aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.
4Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe,
eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.
5Amewo ate wo nɔewo ɖe to,
ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu,
aƒelika ɖe aƒelika ŋu,
sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu,
eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu.
6Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be,
“Wò ya avɔ le ŋuwò,
nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.”
7Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be,
“Ŋutete mele ŋunye o,
nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o,
eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.”
8Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ,
Yuda le anyi dzem.
Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.
9Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene,
eye womeɣla wo o.
Baba na wo!
Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.
10Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo,
elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.
11Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi.
Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.
12Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to,
eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo.
O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae,
wote mi ɖa le mɔ la dzi.
13Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu.
Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.
14Yehowa bu fɔ eƒe amewo,
eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be,
“Miawoe tsrɔ̃ nye waingble.
Mieli kɔ nu siwo mieha le
ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me.
15Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo,
eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?”
Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
16“Zion nyɔnuwo dana,
wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm.
Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm,
nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le
woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.
17Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi,
Yehowa ana be ta nakpa na wo.”
18Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo, 19aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa. 20Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo, 21ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa. 22Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo; 23ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.
24Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu;
adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe,
tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe,
akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe,
eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe.
25Wò ŋutsuwo atsi yi nu,
eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa.
26Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi,
anɔ anyi ɖe anyigba abe wɔnamanɔŋutɔ ene.

¿Sabías que…?
Juicio sobre los líderes y los lujos de Jerusalén
- En Isaías 3:9, el profeta compara el descaro público de Jerusalén con la antigua ciudad de Sodoma, cuya notoria maldad causó una destrucción total. En lugar de encubrir sus faltas, los habitantes hacían alarde abierto de su pecado.Fuentes: el propio texto bíblico · Sodom
- El capítulo reprende a las hijas de Sion, en alusión al monte Sion, la colina suroriental donde el rey David construyó su ciudadela y palacio. La detallada lista de lujos —como tobilleras, pendientes, frascos de perfume y mantos festivos— se contrasta con la inminente pobreza y el luto de la ciudad.Fuentes: el propio texto bíblico · Zion
- La profecía describe un colapso total del orden civil en el que se suprimen los jueces, guerreros y ancianos capacitados. La desesperación llega a tal punto que los familiares le suplican a un hombre que gobierne simplemente porque posee un manto entre las ruinas.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 8
- Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 16, 17, 26
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org