Isaías 28
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Baba na Efraim
1Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na
Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo.
Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye
si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku.
Baba na du ma si nye dada na
ame siwo wain flu tagbɔ na!
2Kpɔ ɖa, ame si sesẽ,
nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si.
Ava abe tsikpe ƒe dzadza
kple ya si gblẽa nu la ene.
Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene,
be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe.
3Seƒoƒotsihe ma si nye Efraim ƒe
ahanomunɔtɔwo ƒe dada la,
woafanyae ɖe afɔ te.
4Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye
eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ
na balime nyonuku la anɔ
abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ
na mamlɛawo la ene;
esi ame aɖe kpɔe la,
egbee kaba heɖu.
5Gbe ma gbe la,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
anye gãnyenye ƒe fiakuku
kple seƒoƒotsihe si dzeani
na eƒe ame mamlɛawo.
6Anye afia nyui tsotso ƒe gbɔgbɔ anɔ
ame si le ʋɔnu drɔ̃m la me.
Anye ŋusẽ na agbonudzɔlawo le aʋaŋɔli.
7Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ,
eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum.
Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ
eye wain na wole movinu wɔm.
Aha sesẽ na ame siwo le ya mum.
Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me,
eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu.
8Woɖe xe ɖe kplɔ̃wo katã dzi kpe ɖo,
eye teƒe aɖeke meli si womeɖe xe ɖo o.
9“Ame ka wòle didim be yeafia nue?
Ame ka wòle eƒe gbedeasi la me ɖem na?
Ɖevi siwo si woxɔ no le la loo
alo vidzĩ siwo woɖe le no nua?
10Ele ale; se ɖe se dzi, se ɖe se dzi.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi;
afii ʋɛe, afi mɛ hã ʋɛe.”
11Ɖe sia ɖe nyo, Mawu aƒo nu kple dukɔ sia to nuyi
kple aɖe tutɔwo dzi,
12ame si Mawu gblɔ na be,
“Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na
ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye
“Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”,
gake womeɖo toe o.
13Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be
se ɖe se dzi, se ɖe se dzi.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi,
eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi.
Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi,
eye wonelé mi,
14eya ta mise Yehowa ƒe nya,
mi fewuɖula siwo le ame siawo dzi ɖum le Yerusalem.
15Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku,
eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo.
Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la,
maka asi mía ŋu o,
elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee,
eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”
16Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi,
“Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion,
kpe si wodo kpɔ.
Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o.
Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o.
17Matsɔ afia nyui tsotso awɔ eƒe dzidzekae,
eye dzɔdzɔenyenye anye eƒe nudanu,
tsikpe akplɔ miaƒe sitsoƒe si nye alakpa la adzoe,
eye tsi aɖɔ axɔ miaƒe bebeƒe.
18Woate fli ɖe nu si miebla kple ku la me,
eye gbe si mieɖo ɖi kple yɔdo la madze edzi o.
Ne dɔvɔ̃ zɔ va yi la,
adze mi katã dzi, eye miaɖo baba.
19Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe.
Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.”
Gbedeasi sia gɔmesese
ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ.
20Aba la le kpuie akpã,
màte ŋu adra ɖe edzi o.
Abadzivɔ la mekeke
woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.
21Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene.
Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ
le Gibeon Balime la ene be
wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la,
eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o.
22Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu
ne menye nenem o la,
miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi.
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe
anyigba blibo la ŋu nam.
23Mise nu si gblɔm mele na mi,
eye miɖo to nya si tom mele na mi.
24Ne agbledela ŋlɔ nu be yeaƒã nu la,
ɖe wòganɔa nuŋɔŋlɔ dzia?
Ɖe wògadzoboa anyigba,
ganɔa edzadzraɖo dzia?
25Ne edzra anyigba ɖo vɔ la, ɖe meƒãa sikɔni kple adrike,
lu kple ƒo ɖe agbakawo me,
eye woƒãa bli ɖe agbleliƒowo dzi oa?
26Eƒe Mawu fiaa nue,
eye wògblɔa nu nyuitɔ si wòawɔ la nɛ.
27Wometsɔa luƒomɔ ƒoa sikɔnie alo tsɔa keke zɔa adrike dzi
hafi woklẽna o, ke boŋ wotsɔa kpo ƒoa sikɔnie,
eye wotsɔa ati ƒoa adrikee.
28Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe,
eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o.
Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la,
menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o.
29Esiawo katã tso Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ;
ame si ƒe aɖaŋudede wɔ nuku, eye eƒe nya me goglo.

¿Sabías que…?
La Piedra Angular y la Sabiduría del Labrador
- Isaías hace referencia a campos de batalla históricos como el monte Perazim, el 'monte de las brechas' donde David derrotó a los filisteos, y el valle de Gabaón, advirtiendo que el Señor se levantará para ejecutar un juicio insólito y desconcertante contra Su propio pueblo.Fuentes: Mount Perazim · Valley of Gibeon · el propio texto bíblico
- Al dirigirse a los gobernantes de Jerusalén, el profeta contrasta su frágil refugio político con una piedra angular probada y preciosa puesta en Sion, la colina elevada donde David estableció su ciudadela real.Fuentes: Jerusalem · Zion · el propio texto bíblico
- El capítulo concluye con una parábola agrícola que muestra que el labrador no trilla especias delicadas como el comino con trillos pesados o ruedas de carretas, sino que las golpea suavemente con una vara, ilustrando la sabiduría mesurada de Dios en la disciplina.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 1, 3
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 14
- Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 16
- Valley of Gibeon · 31.847, 35.183 · versículo 21
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org