Isaías 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu
1Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu.
Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis,
elabena wogbã Tiro,
eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o.
Wose nya sia esi wole Kipro ke.
2Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi
kple mi asitsala siwo tso Sidon.
Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe,
3Wotsɔ bli tso Sidon,
nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me
to tɔ gãwo dzi va Tiro
abe adzɔnuwo ene,
ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo.
4Ŋu nekpe wò, O! Sidon,
wò mɔ sesẽ si le ƒuta,
elabena atsiaƒu gblɔ na wò be,
“Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o.
Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”
5Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie
tso nu si wose tso Tiro ŋuti.
6Mitso ƒu va Tarsis;
mifa konyi, mi ame siwo le ƒukpo la dzi.
7Alea wò blemadu si yɔ fũu kple dzidzɔkpɔkpɔ,
wo ame si zɔ mɔ yi didiƒenyigbawo dzi la va zue nye esia?
8Ame kae ɖo nugbe sia ɖe Tiro ŋu,
ame si ɖɔa fiakuku na amewo,
eƒe adzɔdolawo nye amegãwo,
eye eƒe asitsalawo nye ame xɔŋkɔwo
le anyigba dzii?
9Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae
ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada,
eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã
ɖe anyi le anyigba dzi.
10O! Tarsis ƒe vinyɔnu,
de agble ɖe Nil tɔsisi la to,
elabena melidzeƒe megali na wò o.
11Yehowa kɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu la dzi,
eye wòna eƒe fiaɖuƒewo dzo nyanyanya.
Eɖe gbe be woagbã
Foenisia ƒe mɔ sesẽwo.
12Yehowa gblɔ be,
“O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o,
wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso!
“Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la,
màkpɔ dzudzɔƒe o.”
13Kpɔ Babiloniatɔwo ƒe anyigba la ɖa;
tsã la, bubu menɔ wo ŋu o
va se ɖe esime Asiriatɔwo fɔe hetsɔe wɔ nɔƒee
na ame siwo nɔ gbegbe.
Wotu dziƒoxɔ kɔkɔwo kple fiasãwo ɖe afi ma;
ke ena wòzu aƒedo.
14Mi Tarsis melikulawo mifa avi,
elabena wogbã miaƒe mɔ sesẽ la!
15Le ɣe ma ɣi me la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ; siwo nye fia ƒe agbenɔƒe. Le ƒe blaadre siawo ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro abe ale si woŋlɔe ɖe gboloha ƒe hagbewo me nɛ ene be,
16“Tsɔ kasaŋku. Ɖi tsa le dua me.
O! Gbolo si wogbe,
ƒo kasaŋku la nyuie, eye nàdzi ha geɖewo,
ale be woaɖo ŋku dziwò.”
17Le ƒe blaadre ƒe nuwuwu la, Yehowa ahe to na Tiro. Agatrɔ ayi ɖe eƒe gbolowɔwɔ dzi, eye wòatsa asi sia kple fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi; 18Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe.

¿Sabías que…?
El Oráculo Sobre Tiro y Sidón
- Tiro y su vecina más antigua, Sidón, eran prominentes ciudades portuarias fenicias en la costa del Mediterráneo. Célebres por su vasta red comercial, los mercaderes fenicios navegaban por el mar y fundaban colonias por toda la cuenca mediterránea, llegando hasta Tarsis, en España.Fuentes: Tyre · Sidon · Tarshish · el propio texto bíblico
- En el vocabulario geográfico del Antiguo Testamento, la isla de Chipre era llamada Quitim. Situada a unas sesenta millas de la costa siria, constituía un enclave comercial fenicio y un punto de escala clave donde los marineros recibían noticias antes de alcanzar tierra firme.Fuentes: Cyprus · el propio texto bíblico
- El nombre Sijor en este capítulo se refiere al río Nilo. Los comerciantes fenicios transportaban la cosecha agrícola de Egipto por vía marítima, convirtiendo el grano egipcio en una fuente primordial de riqueza para los almacenes de Tiro.Fuentes: Nile · Shihor · Tyre · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Cyprus · 35.000, 33.000 · versículos 1, 12
- Tyre · 33.271, 35.196 · versículos 1, 3, 4, 5, 8, 10, 15, 17
- Sidon · Hoy: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · versículos 2, 4, 12
- Nile · Hoy: Nile River · 31.465, 30.367 · versículos 3, 10
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 5
- Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 11
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 13
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 13
- Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 13
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org