Hebreos 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Osɔfogã Melkizedek
1Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae. 2Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.” 3Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
4Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ! 5Azɔ la, se la bia tso Levi ƒe viwo ame siwo nye nunɔlawo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã. 6Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si, eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo 7abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la, ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle. 8Ame siwo nye nunɔlawo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo; ŋutilã kple ʋu si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe. 9Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi, 10elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham ƒe alime; womekpɔ dzii o.
Yesu le abe Melkizedek ene
11Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o. 12Elabena ne tɔtrɔ va nunɔlaɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me. 13Eya ame si ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me, eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ subɔ abe nunɔla ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o, 14elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe nunɔlaɖuɖu ŋuti o. 15Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne nunɔla bubu abe Melkizedek ene va ɖo, 16ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti. 17Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena,
“Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒe
ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”
18Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o 19(elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.
20Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua nunɔla atamkakamanɔmee, 21ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena,
“Aƒetɔ la ka atam,
eye matrɔ eƒe susu o,
‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’ ”
22Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu.
23Vovototo bubu si le nunɔla mawo kple Yesu domee nye be nunɔla mawo sɔ gbɔ, elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o, 24gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe nunɔladɔ o. 25Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.
26Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui. 27Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena. 28Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.

¿Sabías que…?
Melquisedec y un sacerdocio sin fin
- La historia de Melquisedec se limita a su encuentro con Abraham en Génesis; el Antiguo Testamento vuelve a mencionarlo solo en el Salmo 110. Hebreos explica su nombre como “rey de justicia”, y “rey de Salem” como “rey de paz”. Salem, nombre que significa paz, se supone comúnmente que es otro nombre de Jerusalén.Fuentes: Melchisedec · Salem · el propio texto bíblico
- Hebreos sostiene que Melquisedec era mayor que Abraham: Abraham le entregó el diezmo del botín, y Melquisedec bendijo al hombre que tenía las promesas. Leví, tercer hijo de Jacob y antepasado de los sacerdotes que después cobraban el diezmo, aún no había nacido; la carta dice que, por así decirlo, él pagó ese diezmo cuando todavía estaba en Abraham.Fuentes: el propio texto bíblico · Levi (patriarch) · Melchisedec
- Los sacerdotes a quienes la ley mandaba cobrar el diezmo pertenecían al linaje de Aarón, hijo mayor de Amram y de Jocabed, hija de Leví. Hebreos contrasta ese orden hereditario con Jesús, de quien la carta dice que descendió de Judá, tribu acerca de la cual Moisés no dijo nada respecto de los sacerdotes.Fuentes: Aaron · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org