Nations Bible

Hebreos 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nuxɔxlɔ̃ amewo hena toɖoɖo

1Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie, ne menye nenema o la, miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ. 2Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe, eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la, 3aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi. 4Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.

Yesu nɔ ame ƒe nɔnɔme me

5Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu ƒom le o. 6Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be,

“Nu kae nye amegbetɔ be nèbua eŋuti,

eye nu kae nye Amegbetɔ Vi be nèléa be nɛ?

7Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo,

ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ abe fiakuku ene,

8eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.”

Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe naneke le eme o. Gake fifi laa la, medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o. 9Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.

10Ɖeko wòle eteƒe be Mawu, ame si wɔ nuwo katã, eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe la gbɔe. 11Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. 12Egblɔ be,

“Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo,

madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.”

13Egagblɔ be,

“Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.”

Eye wògagblɔ be,

“Nye kple vi siwo Mawu nam la míele afii.”

14Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam, 15eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me. 16Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋu. 17Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta. 18Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Compartiendo la humanidad, coronado por el sufrimiento

  • Hebreos 2 recuerda que el mensaje hablado por ángeles era obligatorio y que toda transgresión y desobediencia recibió su justo castigo, y luego pregunta cómo podrá escapar quien descuide una salvación tan grande. Esa salvación fue anunciada primero por el Señor, confirmada a nosotros por quienes lo oyeron y afirmada por Dios mediante señales, prodigios, diversos milagros y dones del Espíritu Santo repartidos según su voluntad.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El capítulo cita un testimonio de que el hombre fue hecho un poco menor que los ángeles, coronado de gloria y honra, con todo puesto bajo sus pies. Cuando Dios le sometió todas las cosas, nada dejó fuera de su control; sin embargo, en el presente no vemos todo sujeto a él. Jesús, hecho un poco menor que los ángeles, ahora es coronado de gloria y honra porque sufrió la muerte, para que por la gracia de Dios probara la muerte por todos.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Hebreos 2 dice que Jesús no socorre a los ángeles, sino a los descendientes de Abraham, y que tuvo que ser hecho semejante a sus hermanos en todo, para llegar a ser un sumo sacerdote misericordioso y fiel al servicio de Dios, a fin de hacer expiación por los pecados del pueblo. Abraham, hijo de Taré, es llamado padre de una multitud y descrito como el heredero de las promesas.Fuentes: el propio texto bíblico · Abraham

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.