Gálatas 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Nya si gblɔm mele lae nye be zi ale si domenyila aɖe nye ɖevi ko la, vovototo aɖeke mele eya kple kluvi dome o, evɔ eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi. 2Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si edzikpɔlawo ɖo nɛ la va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo da ɖi la.
Mawu xe fe ɖe míaƒe ablɔɖe ta
3Nenema ke esi míawo hã míenye ɖeviwo la, míenɔ xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo kple gbɔgbɔ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia me dzi la ƒe kluvinyenye te. 4Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa 5be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene. 6Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, “ Abba, Fofo.” 7Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu wɔ wò eƒe domenyilae.
Paulo tsɔ ɖe le eme na Galatia hamea
8Tsã la, esi mienya Mawu o la, mienye kluvi na nu siwo menye mawuwo tso dzɔdzɔme o la. 9Ke azɔ esi mienya Mawu alo magblɔ be Mawu boŋ nya mi la, nu ka ta miagadi be yewoagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzrowo gbɔ ɖo? Ɖe miedi be yewoaganye kluvi na wo akea? 10Miewɔna ɖe ŋkekewo kple ɣletiwo, azãgbewo kple ƒewo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo dzi. 11Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be agbagba siwo katã dzem mele ɖe mia ta la zu dzodzro mahĩ.
12Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele kuku ɖem na mi be miwɔ nu abe nye ene, elabena nye hã mezu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o. 13Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ. 14Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene. 15Azɔ afi ka miaƒe dzidzɔ ƒe kafukafu la le? Elabena mate ŋu agblɔe be, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me hetsɔ nam. 16Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia?
17Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu. 18Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui ɖaa, ke menye le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko o. 19Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba. 20Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia, ne nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o.
Hagar kple Sara ƒe kpɔɖeŋu
21Migblɔe nam, mi ame siwo di be yewoanɔ se la te la, mienya nu si se la gblɔ oa? 22Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi, ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu. 23Abraham ƒe viŋutsu si dada nye kosi la, wodzii le ŋutilã la nu, ke viŋutsu si dada nye ablɔɖenyɔnu la, wodzii le ŋugbedodo la nu.
24Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar. 25Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. 26Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada. 27Elabena woŋlɔ ɖi bena,
“Dzi nedzɔ wò, O konɔ,
wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o;
do ɣli sesĩe nàtso aseye,
wò ame si melé ku kpɔ o;
viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu
si si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.”
28Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo. 29Abe ale si viŋutsu, si wodzi le ŋutilã la nu ti viŋutsu, si wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome va yi ene la, nenema tututu wògale fifia hã. 30Ke nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? Egblɔ be, “Nya kosi la kple via, elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi gbeɖe o.” 31Eya ta nɔviwo, menye kosi la ƒe viwo míenye o, ke boŋ míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo.

¿Sabías que…?
Ya no esclavos, sino hijos
- Este capítulo dice que Abraham tuvo dos hijos, uno de la esclava y otro de la mujer libre, y que las dos mujeres representan dos pactos. Agar, la esclava, era egipcia, sierva de Sara, dada a Abraham como segunda esposa; su hijo fue Ismael. Isaac, único hijo de Abraham con Sara, es el hijo de la promesa con el que el capítulo compara a sus lectores.Fuentes: el propio texto bíblico · Hagar · Isaac
- El capítulo identifica a Agar con el monte Sinaí, en Arabia, montaña también llamada Horeb. El Diccionario Bíblico de Easton (1897) describe esa región montañosa como el lugar al que los hebreos llegaron en el tercer mes después del Éxodo, donde acamparon cerca de un año, y sitúa la península del Sinaí en Arabia Occidental.Fuentes: el propio texto bíblico · Mount Sinai · Arabia
- El capítulo contrasta la Jerusalén de su propio tiempo, de la que dice que está esclavizada con sus hijos, con la Jerusalén de arriba, a la que llama libre. El Diccionario Bíblico de Easton (1897) la llama ciudad santa y ciudad de Dios, y dice que su nombre, de forma dual, significa posesión de paz o fundación de paz, refiriéndose probablemente a los montes Sión y Moriah o, como algunos suponen, a la ciudad alta y la ciudad baja.Fuentes: el propio texto bíblico · Jerusalem
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Arabia · Hoy: Arabia Petraea · 30.070, 35.350 · versículo 25
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 25, 26
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org