Nations Bible

Ezequiel 42

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Nunɔlawo ƒe xɔwo

1Tete ŋutsu la kplɔm ɖo ta anyiehe gome yi xɔxɔnu egodotɔ me, eye míeyi xɔ siwo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ƒe axadzi kple egodogli si le anyiehe gome la me. 2Xɔ si ƒe ʋɔtru dze ŋgɔ anyiehe la didi mita blaatɔ̃, eye wòkeke mita blaeve vɔ atɔ̃. 3Le teƒe eve siwo didi mita ewo tso xɔxɔnu emetɔ gbɔ, eye le teƒe si le xɔxɔnu egodotɔ ƒe kpeɖoɖoawo kasa la, xɔmedziƒoxɔ dze ŋgɔ xɔmedziƒoxɔ le ɖoƒe etɔ̃awo. 4Mɔ aɖe le xɔawo ŋgɔ, ekeke mita atɔ̃, eye wòdidi mita blaatɔ̃. Woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome. 5Xɔtamexɔ etɔ̃liawo me mekeke abe etetɔwo me ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata xɔ teƒe le wo si. 6Sɔtiwo mele xɔtamexɔ etɔ̃lia ƒe xɔwo ŋu abe xɔxɔnu la ene o, ale wo me le sue wu xɔ siwo le ɖoɖo etetɔwo me. 7Egodogli aɖe le xɔawo kple xɔxɔnu egodotɔ dome. Ekeke mita blaeve vɔ atɔ̃ le xɔawo ŋgɔ. 8Esime xɔ siwo le xɔxɔnu egodotɔ ƒe axadzi didi mita blaeve vɔ atɔ̃ la, esiwo te ɖe gbedoxɔ la ŋu la didi mita blaatɔ̃. 9Mɔnu le xɔ etetɔwo ŋu le ɣedzeƒe lɔƒo ne woage ɖe wo me to xɔxɔnu egodotɔ la dzi.

10Xɔwo nɔ xɔxɔnu egodotɔ ƒe gli ƒe didime ŋu le dziehe gome; wote ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ŋu le gli egodotɔ kasa, 11eye mɔnu aɖe nɔ wo ŋgɔ. Esiawo nɔ abe xɔ siwo nɔ anyiehe ene. Woƒe didime sɔ kple woƒe kekeme, eye woƒe mɔnuwo kple dzidzemewo ɖi anyiehexɔwo tɔwo. Woƒe mɔnuwo 12ɖi xɔ siwo le dziehe gome tɔwo. Mɔnu ɖeka nɔ glia ƒe gɔmedzedze, si le ɣedzeƒe lɔƒo la kasa afi si woato age ɖe xɔawo me.

13Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe. 14Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”

15Esi wòwɔ nu siwo nɔ gbedoxɔ la gbɔ vɔ la, ekplɔm do goe to ɣedzeƒegbo la me, eye wòdzidze teƒe si ƒo xlã afi ma. 16Etsɔ dzidzeti la dzidze eƒe ɣedzeƒe lɔƒo wòdidi mita alafa eve blaatɔ̃ (250). 17Edzidze eƒe anyiehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. 18Edzidze eƒe dziehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. 19Azɔ la, etrɔ do ɖe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòdzidzee wònɔ mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu 20Ale wòdzidze akpa eneawo katã. Gli aɖe ƒo xlãe; gli la didi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250), keke mita alafa eve kple blaatɔ̃, eye wòma kɔkɔeƒe la ɖa tso teƒe bubuawo gbɔ.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Las cámaras sacerdotales y los límites del templo

  • En el templo visionario de Ezequiel, las cámaras de tres niveles frente al patio servían como recintos santos donde los sacerdotes comían las ofrendas santísimas, como las de cereal, por el pecado y por la culpa. Los sacerdotes debían dejar sus vestiduras sagradas de servicio en estas habitaciones y cambiarse de ropa antes de dirigirse a las áreas destinadas al pueblo.Fuentes: el propio texto bíblico
  • El perímetro exterior del recinto del templo se midió con una caña en sus cuatro lados, cada uno de quinientos codos de longitud. Este muro circundante servía para separar el espacio sagrado del área común.Fuentes: el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Holy Place · Hoy: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 14

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.